May 3 Ƒe Kwasiɖa
MAY 3 ƑE KWASIÐA
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: 2 Samuel 1-3
No. 1: 2 Samuel 2:12-23
No. 2: Ðe Yesu Zã Mawu Ƒe Ŋkɔ Le Eƒe Subɔsubɔdɔa Mea?
No. 3: Dzixɔse Ka Dzie Wotu “Ame Kukuwo Ƒe Gbɔgbɔ” Ƒe Ŋkuɖodzizãwo Ðo? (rs axa 180 mm. 3–axa 181 mm. 3)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
5 min: Gbeƒãɖeɖewo.
10 min: Ne Aƒemenɔlaa Gblɔ Be: ‘Miexɔ Yesu Dzi Se O.’ Numedzodzro kple nyaselawo, si me nyawo woaɖe tso Reasoning gbalẽa ƒe axa 219.
10 min: Miaƒe nu hiahiãwo.
10 min: Kpɔ Dzidzɔ Si Le Hahoo Ðaseɖiɖi Me. Numedzodzro kple nyaselawo, si me nyawo woaɖe tso Ðoɖo gbalẽa ƒe axa 108, memama 1-3. Bia subɔsubɔdɔdzikpɔla wòagblɔ ɖoɖo siwo wowɔ ɖe kpekpewo hena gbedziyiyi ŋu kple teƒe siwo woado go le. Kpe nyaselawo woagblɔ viɖe siwo wokpɔ esi wokpe asi ɖe ɖoɖo sia ŋu hewɔ dɔ kple gbeƒãɖela siwo le woƒe gbedziƒuƒoƒoa me.