May 2 Ƒe Kwasiɖa
MAY 2 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 30 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
ie axa 17 mm. 5–axa 20 mm. 8 (25 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Hiob 38-42 (10 min.)
No. 1: Hiob 40:1-24 (4 min. alo made o)
No. 2: Viɖe Siwo Le Tufafa Kple Dzigbɔgbɔɖi Me (5 min.)
No. 3: Ne Ame Aɖe Bia Wò Be: “Ðe Nèxɔ Yesu Be Eyae Nye Ðewòla?”—rs-E axa 219 mm. 4-5 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Gbeƒãɖeɖewo. Na woazã kpɔɖeŋudzeɖonya si le axa sia atsɔ awɔ ale si míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme le Memleɖa gbãtɔ dzi le May me la ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na ame sia ame be wòakpɔ gome le eme.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
10 min: Dzra Ðo Ðe Magazinewo Nana Le May Me Ŋu. Numedzodzro. Tsɔ miniti ɖeka alo eve dzro magazineawo me nyawo me. Eyome tia nyati eve alo etɔ̃, eye nàkpe nyaselawo woagblɔ nyabiase kple mawunyakpukpui siwo wokpɔ be woate ŋu azã le magazineawo nana me. Na woawɔ ale si woate ŋu ana magazineawo la ƒe wɔwɔfiawo.
Hadzidzi 51 Kple Gbedodoɖa