May 9 Ƒe Kwasiɖa
MAY 9 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 48 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
ie axa 20 mm. 9–axa 21 mm. 6 (25 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Psalmowo 1-10 (10 min.)
No. 1: Psalmo 7:2-18 (4 min. alo made o)
No. 2: Ne Ame Aɖe Gblɔ Be: “Mexɔ Yesu Be Eyae Nye Ðenyela”—rs-E axa 220 mm. 1 (5 min.)
No. 3: Nu Si Tae Yesu Ðɔ Ŋutsu Aɖe Si Yɔe Be “Nufiala Nyui” La Ðo—Mar. 10:17, 18 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
5 min: Gbeƒãɖeɖewo.
10 min: Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene Wu Amewo. (Dɔw. 5:29) Numedzodzro si wotu ɖe 2011 Yearbook dzi, axa 219, memama 4, va se ɖe axa 221, memama 2. Ne èƒo nu tso nuteƒekpɔkpɔ aɖe ŋu vɔ la, kpe nyaselawo ne woagblɔ nufiame si le eme na mí.
10 min: Àte Ŋu Awɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa Le Mɔkeɣiwoa? Numedzodzro. Dzro Ðoɖo gbalẽa ƒe axa 112-113, ƒe akpa si ƒo nu tso nudidi siwo gbɔ wòle be ame naɖo ŋu la me kpuie. Kpe nɔvi siwo kpɔ gome le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa me esime woxɔ mɔkeke le dɔ me alo suku la ne woagblɔ yayra siwo wokpɔ le ewɔwɔ me.
10 min: “Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. Kpe nyaselawo ne woagblɔ ale si woawo ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ nyui ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo woɖi ɖase.
Hadzidzi 45 Kple Gbedodoɖa