January 2 Ƒe Kwasiɖa
JANUARY 2, 2012 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 21 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
lv ta 4 mm. 12-21, kple aɖakaa, axa 42 (25 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Yesaya 24-28 (10 min.)
No. 1: Yesaya 27:1-13 (4 min. alo made o)
No. 2: Mègake Ði Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Na Wò Gbeɖe O—Yes. 57:15 (5 min.)
No. 3: Tameɖoɖo Kae Le Amegbetɔ Ƒe Agbe Ŋu?—rs-E axa 243 mm. 3–axa 244 mm. 4; +bh axa 27 mm. 1-2 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Gbeƒãɖeɖewo. Na woazã kpɔɖeŋudzeɖonya si le axa sia atsɔ awɔ ale si míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme le Memleɖa gbãtɔ dzi le January me la ƒe wɔwɔfia.
10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
15 min: Ale Si Míana Magazineawo Le January Me. Numedzodzro. Zã miniti ɖeka alo eve nàtsɔ ahe susu ayi nyati ʋɛ aɖewo siwo ate ŋu ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me la dzi. Ema megbe la, kpe nyaselawo ne woagblɔ nyabiase siwo míate ŋu abia atsɔ anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme ɖe Gbetakpɔxɔ la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la ŋu, eye eyome nàbia wo be mawunyakpukpui kae míate ŋu axlẽ hã. Wɔ nenema ke le Nyɔ! la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la gome, eye ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, gawɔ nenema ke le magazineawo me nyati bubu aɖe hã ŋu. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woadze agbagba etɔxɛe ana yevugbe me Nyɔ! la le nudzraƒewo kple dɔwɔƒewo. Bia subɔsubɔdɔdzikpɔla wòagblɔ ɖoɖo siwo wowɔ na miaƒe hamea hena esia wɔwɔ. Na woawɔ ale si míate ŋu ana magazineawo la ƒe wɔwɔfiawo. Le Nyɔ! la ƒe wɔwɔfiaa gome la, na woawɔ ale si míanae ne míele gbeƒã ɖem le nudzraƒewo kple dɔwɔƒewo.
Hadzidzi 3 Kple Gbedodoɖa