INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/12 axa 1
  • Kpɔ Nyuie Be Nàganɔ Dadagbo Dam O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Nyuie Be Nàganɔ Dadagbo Dam O
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Anyigbamama Le Wò Ŋutɔ Asiwò La, Aɖe Vi Na Wòa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Anyigbamama Le Wò Ŋutɔ Asiwòa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Na Wò Subɔsubɔdɔa Naɖe Vi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 1/12 axa 1

Kpɔ Nyuie Be Nàganɔ Dadagbo Dam O

1. Alekee míate ŋu awɔ 1 Korintotɔwo 9:26 ŋu dɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me?

1 Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ale si mele dua ƒum lae nye esi: nyemele eƒum ɖewoɖewoe o; ale si mele nye kɔwo dam lae nye esi: be wòaganye be mele dadagbo dam o.” (1 Kor. 9:26) Paulo nɔ nu ƒom tso ale si wòɖoe kplikpaa be yeƒe susu katã nanɔ taɖodzinu siwo akpe ɖe ye ŋu yeasubɔ Yehowa nyuie wu la ŋu. Ke hã gɔmeɖose si le eƒe nya sia me la ku ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa hã ŋu. Míedi be míada “dadagbo o,” ke boŋ míedi be míawɔ míaƒe ŋusẽ ŋu dɔ le nunya me ale be nu nyui geɖe wu nado tso eme. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

2. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo kple ƒe alafa gbãtɔ me nya nyui gblɔla bubuwo ne míele teƒe kple ɣeyiɣi siwo me míaɖe gbeƒã le la tiam?

2 Yi Afi Si Amewo Le: Paulo kple ƒe alafa gbãtɔ me nya nyui gblɔlawo ɖe gbeƒã le afi si wokpɔ mɔ be amewo anɔ. (Dɔw. 5:42; 16:13; 17:17) Eya ta ne amewo nɔa aƒe me fiẽsiwo me le miaƒe anyigbamama me la, ɣemaɣiwoe anye ɣeyiɣi nyuitɔ si miawɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa. Ðe amewo sɔa gbɔ ɖe ʋu alo keteke dzeƒe si le miaƒe nutoa me la le ŋdi me ne wole dɔ me yim alo ɣetrɔ me ne wotrɔ gbɔna aƒe mea? Ɣekaɣiwoe ame geɖe va ƒlea nu le nudzraƒe siwo le miaƒe nutoa me? Ablɔdziɖaseɖiɖi ate ŋu atse ku geɖe ŋutɔ ɣemaɣiwo.

3. Ne míele gbeƒã ɖem le míaƒe anyigbamamaa me la, aleke míawɔ be míaganɔ dadagbo dam o?

3 Wɔ Dɔ Nunyatɔe Le Anyigbamamaa Me: Ne míele gbeƒã ɖem le míaƒe anyigbamama me la, ele be míawɔe ale gbegbe be míaganɔ dadagbo dam o. Le kpɔɖeŋu me, le esi míakplɔ ƒuƒoƒo gã aɖe ayi nuto ɖeka me eye wòahiã agbagbadzedze vevie kple ɣeyiɣi geɖe be míakpɔ egbɔ be wowɔ dɔ ɖe ɖoɖo nu nyuie teƒe la, anyo wu be míama ƒuƒoƒoa me. Nenema kee ne míewɔ nuŋlɔɖi le ame siwo míetu le aƒe me o ŋu (ɖe S-8 gbalẽvia dzi) la, zi geɖe la, esia akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na aƒe ɖeka mawo ke me yiyi kwasiɖa sia kwasiɖa. Ðe wòanya wɔ be woana anyigbamama mí wòatsɔ ɖe míaƒe aƒe gbɔ be wòaɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míazã hafi ayi eme la dzi kpɔtɔa?

4. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanye ‘ameɖela’ kpɔdzidzedzewo?

4 Yesu tsɔ nya nyui gblɔlawo sɔ kple “ameɖelawo.” (Mar. 1:17) Menye ɖɔdada dzro koe nye tɔƒodelawo ƒe taɖodzinu o, ke woƒe taɖodzinue nye be yewoaɖe lã. Eya ta tɔƒodela kpɔdzidzedzewo yia afi si wokpɔ mɔ be yewoakpɔ lã geɖe le la le ɣeyiɣi si sɔ dzi, eye wodzea lãɖeɖe gɔme enumake. Ɛ̃, wowɔa woƒe ŋusẽ ŋdɔ le nunya me. Mina míawo hã míaɖe veviedodo ma ke afia le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.—Heb. 6:11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe