INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/06 axa 8
  • Anyigbamama Le Wò Ŋutɔ Asiwòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Anyigbamama Le Wò Ŋutɔ Asiwòa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Anyigbamama Le Wò Ŋutɔ Asiwò La, Aɖe Vi Na Wòa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Ne Amewo Mele Aƒe Me O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 12/06 axa 8

Anyigbamama Le Wò Ŋutɔ Asiwòa?

1. Nu kae nye ame ŋutɔ ƒe anyigbamama?

1 Ame ŋutɔ ƒe anyigbamama enye nuto aɖe si wotsɔ de asi nɛ be wòawɔ dɔ le eme. Ate ŋu anye teƒe aɖe si te ɖe amea ŋu si eya ɖeka alo woa kple gbeƒãɖela bubu aɖe ate ŋu ayi bɔbɔe ava ɖe gbeƒã le. Togbɔ be eɖea vi ne wowɔ ɖeka kple hamea le ɖaseɖiɖi le ƒuƒoƒo me hã la, anyigbamama si anɔ ame ŋutɔ si, si me wòayi le eɖokui si le ɣebubuɣiwo ava wɔ dɔ le la wɔnɛ be wòate ŋu aɖe gbeƒã memie, vevietɔ le hame siwo ƒe anyigbamama lolo ŋutɔ la me.—Dɔw. 10:42.

2. Viɖe kawoe dona tsoa anyigbamama si anɔ ame ŋutɔ si me?

2 Viɖe Siwo Le Eŋu: Ame aɖewo kpɔe be gbeƒãɖeɖe le yewo ŋutɔ yewoƒe anyigbamama, si te ɖe yewoƒe dɔwɔƒe ŋu, le ɖiɖiɖemeɣiwo alo le kpakpã le dɔme vɔ megbe teti, me la gadea yewo dzi wu. Ame aɖewo hã sea vivi le dɔwɔwɔ ɖekae abe ƒome ene me le woƒe nutoa me abe gaƒoƒo ɖeka ene, do ŋgɔ na woƒe Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃. Esi tɔtrɔyi kple Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo amea awɔ le eƒe anyigbamamaa me la gogo teƒe si wòle ta la, awɔe be magblẽ ɣeyiɣi fũ alo ɖeɖi nate eŋu hafi aɖo ame geɖe gbɔ o. Ne anyigbamama le ame ŋutɔ si la, ewɔnɛ be wote ŋu wɔa dɔ geɖe le ɣeyiɣi ʋɛ aɖe me. Esia ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be woakpɔ gome le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me ɣeaɖewoɣi alo aƒo ame ɖokui ɖe gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me gɔ̃ hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dɔwɔwɔ le mía ŋutɔwo ƒe anyigbamama me wɔnɛ be mía kple aƒemenɔlawo míava nya mía nɔewo nyuie eye wòana be woava ka ɖe mía dzi. Esia akpe ɖe mía ŋu hã be míanya ale si míatrɔ asi le míaƒe ɖaseɖinyawo ŋu be wòasɔ ɖe woƒe hiahiãwo nu, eye míaƒe subɔsubɔdɔa aɖe kpe wu.

3. Nuteƒekpɔkpɔ kae su mɔɖela aɖe si xɔ eya ŋutɔ ƒe anyigbamama la si?

3 Mɔɖela aɖe si nutome sue dzikpɔla aɖe de dzi ƒo na be wòaxɔ eya ŋutɔ ƒe anyigbamama la gblɔ be: “Mewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi eye eteƒe medidi hafi meva nya aƒemenɔla siwo le nye anyigbamama me la nyuie eye mía kpli wo míeva zu xɔlɔ̃wo o. Metrɔ asi le ɣeyiɣi siwo metsɔ srãna wo kpɔe la ŋu be wòasɔ ɖe woƒe nɔnɔmewo nu. Nu si do tso emee nye be, tɔtrɔyi siwo mewɔna le ɣletia me la va dzi ɖe edzi tso 35 yi 80 kple edzivɔ, eye Biblia-nusrɔ̃vi adre ye le asinye fifia.”

4. Aleke nàte ŋu axɔ wò ŋutɔ wò anyigbamama anɔ dɔ wɔm le eme?

4 Ale Si Nàwɔe: Ne èdi be anyigbamama nanɔ wò ŋutɔ asiwò la, ke gblɔe na miaƒe anyigbamamaa dzikpɔla. Àte ŋu akpe gbeƒãɖela bubuwo faa be woava wɔ dɔ kpli wò, eye wɔ ame siwo menɔa aƒeme o ŋuti nuŋlɔɖi. Ele be nàdze agbagba akpe wò anyigbamama la ɖo le ɣleti ene me. Ne ele sesẽm na wò be nàkpee ɖo le ɣleti ene me la, ke àte ŋu agblɔe na miaƒe Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla alo agblɔe na nɔvi bubuwo be woava do alɔ ye. Le ɣleti eneawo ƒe nuwuwu la, àte ŋu atrɔ anyigbamama si nèxɔ la ana anyigbamamaa dzikpɔla loo, alo abia be yeagawɔ dɔ le eme ake. Gake mele be anyigbamama si nèxɔ la nanye esi ko me nàdi be yeanɔ dɔ wɔm le ɖaa o, ele be nàtsɔe ana ale be woadee asi na nɔvi bubuwo hã. Ne èle hame si ƒe anyigbamama melolo o me, si awɔe be manya wɔ be woade anyigbamama aɖe koŋ asi na wò o la, ke ɖewohĩ àte ŋu abia miaƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla be wòaka akpa aɖe na ye yeawɔ dɔ le eme.

5. Nu kae hiã hafi míate ŋu awɔ dɔ si wode mía si be míaɖe gbeƒã la ade goe?

5 Dɔ si wode asi na mí be míaɖe gbeƒã na “amewo le xexe blibo la katã me,” la nye dɔ gã aɖe. (Mat. 24:14) Ebia agbagbadzedze kple ɖoɖo nyui wɔwɔ. Ne míekpɔa gome le haho ɖaseɖiɖi me hafi gaɖia ɖase le mía ŋutɔ ƒe anyigbamamaa me la, awɔe be míate ŋu atsɔ nyanyuia aɖo ame geɖe wu gbɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe