Nyabiaɖaka
◼ Ðe wòle be woaklã hamea ƒe anyigbamama bliboa ƒe nɔnɔmetata ɖe Fiaɖuƒe Akpata mea?
Ɛ̃, ele be woade hamea ƒe anyigbamama bliboa ƒe nɔnɔmetata ahuhɔ̃e me aklãe ɖe gli ŋu le Fiaɖuƒe Akpataa me. Gake mele be woaklã anyigbatata sia ɖe gbeƒãɖeɖewo klãɖoƒea o. Ele be afi si hamea ƒe anyigbamamaa se ɖo, kple ale si woma anyigbamamaa ɖe akpa suewo mee kpakple woƒe xexlẽdzesiwo nadze le edzi. Ele be hame siwo katã le Fiaɖuƒe Akpataa zãm ƒe anyigbamamawo ƒe liƒowo nadze le edzi. Esia ana wòanɔ bɔbɔe na gbeƒãɖelawo kple ame yeyewo be woakpɔ hame si ƒe anyigbamama me wole. Ne afi si gbeadziƒuƒoƒo vovovoawo kpena le dze le anyigbatataa dzi la, esia aɖe vi na gbeƒãɖelawo katã be woanya afi si woƒe gbeadziƒuƒoƒoa le. Ele be woakpɔ egbɔ be anyigbatataa sɔ ɖe ale si teƒeawo le ŋutɔŋutɔ fifia nu.
Hamea ƒe anyigbamama bliboa si woklã ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me ɖoa ŋku edzi na gbeƒãɖelawo katã be anyo be anyigbamama nanɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si. Esia akpe ɖe wo ŋu hã be woatia woawo ŋutɔ ƒe anyigbamama le afi si te ɖe woƒe aƒewo ŋu. Azɔ hã, ana wòanɔ bɔbɔe na ame si le kpekpe hena gbeadziyiyi dzi kpɔm be wòafia gbeƒãɖelawo anyigbamama si me woawɔ dɔ le la kaba esi womagblẽ ɣeyiɣi fũu o.
Hame ƒe anyigbamama bliboa ƒe nɔnɔmetata sia ɖenɛ fiana hã be hamea wɔa nu ɖe ɖoɖo nyui nu le Fiaɖuƒegbedeasia gbɔgblɔ tsitotsito me le hamea ƒe anyigbamama me.—Luka 9:6.