Ðe Anyigbamama si Le Miaƒe Hamea Si Loloa?
1 Yesu ɖe gbeƒã tsitotsito le blema Israel ƒe anyigbamama gã si tso Yudea dugãwo me va ɖo Galilea kɔƒeduwo katã me. (Mar. 1:38, 39; Luka 23:5) Ele be míawo hã míagblɔ nyanyuia na ame geɖe alesinu míate ŋui. (Mar. 13:10) Gake esia ate ŋu anye dɔ sesẽ aɖe. Nukatae?
2 Hame geɖe siwo le Ghana ƒe anyigbamamawo lolo, ɖewo lolo kilometa geɖe, eye woƒe akpa gãtɔ nye kɔƒeduwo. Dutagbe-hamewo ate ŋu awɔ dɔ le dugã ƒe nuto siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo me, ahadi amesiwo doa woƒe gbe. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesiwo le anyigbamama gã siawo me ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa, Yesu, kple Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ŋui?
3 Miwɔ Ðoɖo Nyuie: Ehiã be subɔsubɔdɔ dzikpɔla kple subɔsubɔdɔwɔla si kpɔa anyigbamama dzi nawɔ ɖoɖo ɖe agbagba si dzem hamea le ŋu be wòaɖe vi geɖe. Ðewohĩ miate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe Memleɖa tɔxɛwo ŋu, esime ame akpa gãtɔ te ŋu zãa ŋkeke bliboa ɖe dɔa ŋu. Ne miele dɔ wɔm le anyigbamama siwo gbɔ didi me la, miwɔ ɖoɖo be miatsɔ ŋdɔnuɖuɖu si miaɖu la ɖe asi eye ne wòanya wɔ la, mianɔ gbeadzi wòadidi. Miate ŋu akpe hena gbeadziyiyi kaba wu alesi miewɔnɛ ɖaa be miakpɔ ɣeyiɣi atsɔ azɔ mɔ ayi ɖe anyigbamamaa me alo awɔ kpekpe hena gbeadziyiyi le afisi te ɖe nuto si me miawɔ dɔ le la ŋu. Amesiwo anɔ ʋu ɖeka me la nenɔ ʋɛ ko be amesiame nakpɔ gome geɖe le dɔa me. Miwɔ ɖoɖo be miawɔ dɔ le kɔƒe nutowo me le ɣeyiɣi siwo me yame kple ʋumɔwo ƒe nɔnɔme dea ame dzi me.
4 Amesiwo le dɔ wɔm le anyigbamama siwo me dutagbedolawo le me ate ŋu aƒo asa na ɣeyiɣi gbegblẽ to amewo ƒe ŋkɔwo kple adrɛswo ŋɔŋlɔ ɖi kpakple to anyigbatata si zãm wole fifia ŋudɔwɔwɔ me. Miwɔ ɖoɖo ɖe anyigbaa ŋu ale be ame aɖewo nate ŋu adi amesiwo ƒe adrɛs woxɔ la katã le nutoa me.
5 Mikpɔ egbɔ be mietsɔ agbalẽ agbɔsɔsɔme si sɔ ɖe asi. Ne womewɔa dɔ le anyigbamamaa me edziedzi o la, asɔ be miagblẽ trakt aɖe alo magazine xoxo aɖe ɖi na amesiwo mietu le aƒea me o. Ne trakt si nye Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua? le mia degbe me la, mitsɔe na amesiame si miado goe eye migblẽ ɖeka ɖi na amesiwo mietu le aƒea me o.
6 Miwɔ Nu Aduadu: Dɔwɔwɔ le anyigbamama gã me bia hamea me tɔ ɖesiaɖe ƒe nuwɔwɔ aduadu. Ne ehiã be woazɔ mɔ ayi didiƒe ʋĩ la, amesiwo ɖo nɔvi aɖe ƒe ʋu ate ŋu ama mɔ̃memifea axe. Ele be miazã nuŋububu nyuie ne mieke ɖe aƒemenɔla aɖe si lɔ̃ faa be yeaɖo dze la ŋu. Mitsɔ ɖe le alesi wòhiãe be miaɖo amesiwo katã le anyigbamama me gbɔ me, eye mibu amesiwo le ʋua me kpli mi siwo le lalam la ŋu. Ne èdi be yeayi dzeɖoɖo dzi kple ɖetsɔlemetɔ aɖe wòadidi la, ɖe nàte ŋu awɔ ɖoɖo be ƒuƒoƒoa me tɔ mamleawo naganɔ ɣeyiɣi gblẽm oa?
7 Miwɔ ɖoɖowo koŋ be miagbugbɔ atrɔ yi amesiwo katã tsɔ ɖe le eme la gbɔ. Le ɖetsɔlemetɔa ƒe adrɛs xɔxɔ megbe la, dze agbagba nàxɔ eƒe telefon xexlẽdzesi hã ale be nàte ŋu aƒo ka nɛ ahayi ɖaseɖiɖia dzi le telefon dzi. Ne womena ŋkɔ mɔdodoawo alo xexlẽdzesiwo mele aƒeawo ŋu le kɔƒedua me o la, wɔ mɔfiame si dzi woate ŋu azɔ ɖo alo ŋlɔ alesi woate ŋu ake ɖe ɖetsɔlemetɔa ŋu ne wogatrɔ yi la ɖi.
8 Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye na mí be míawɔ ɖe Yesu ƒe mɔfiamea dzi be: “Ke ne miayi ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie”! (Mat. 10:11) Ðikeke mele eme o be Yehowa ayra ɖe miaƒe agbagbadzedzewo dzi esi mietsɔ mia ɖokui na faa le dɔ sia si ɖea vi wu la wɔwɔ me!