INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/04 axa 4
  • Alesi Míaɖe Gbeƒã le Fiasewo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Míaɖe Gbeƒã le Fiasewo Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me​—Ði Ðase Le Dɔwɔƒewo Kple Nudzraƒewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Ðe Gbeƒã Nyanyuia Le Afisiafi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ðe Gbeƒã Le Dɔwɔƒewo Kple Asitsaƒewo Dzinɔameƒotɔe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Anyigbamama Le Wò Ŋutɔ Asiwòa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 7/04 axa 4

Alesi Míaɖe Gbeƒã le Fiasewo Me

1. Viɖe siwo le ɖaseɖiɖi le fiasewo me dometɔ aɖewo ɖe?

1 Àdi be yeaɖe gbeƒã le anyigbamama siwo me amewo lɔ̃na faa xɔa amewo le eye ƒã hafi màkpɔ amewo le aƒeme oa? Àte ŋu awɔ esia le wò hamea ƒe anyigbamama me. Aleke? To fiase siwo le afima la me yiyi me. Zi geɖe la, gbeƒãɖela siwo ɖia ɖase tso fiase me yi fiase me la kpɔa emetsonu nyuiwo.

2. Aleke woate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe ɖaseɖiɖi le fiasewo me ŋui?

2 Fiasewo le hame aɖewo ƒe anyigbamama me. Nɔviŋutsu si kpɔa anyigbamama ƒe nyawo gbɔ la ate ŋu awɔ anyigbamama ƒe agbalẽvi tɔxɛwo ɖe teƒe siawo siwo fiase geɖe le la ŋu. Ne fiasewo le anyigbamama aɖewo siwo me aƒewo le me la, ele be wòana wòadze nyuie le anyigbamama gbalẽviawo dzi be womekpe ɖe anyigbamamaa ŋu o. Le anyigbamama bubuwo me la, woate ŋu awɔ dɔ le fiasewo me kpe ɖe aƒeawo ŋu. Ne mèɖi ɖase le fiasewo me kpɔ o la, te gbeƒãɖeɖe le fiase sue ʋɛ aɖewo me kpɔ nàtsɔ adze egɔme.

3. Nukae akpe ɖe mía ŋu míawɔ dɔ nyuie ne míele ɖase ɖim tso fiase me yi fiase me?

3 Zã Dzeɖonya Siwo Le Bɔbɔe: Ne èle ɖase ɖim tso fiase me yi fiase me la, ele vevie be nàdo awu abe alesi nàdoe ne èle kpekpe yim le Fiaɖuƒe Akpata me ene. Enyo hã be nàtia ɣeyiɣi si me amewo mesɔa gbɔ le fiasea me o. Ne anya wɔ la, yi le ɣeyiɣi si me asisi aɖeke mele lalam be woakpɔ ye gbɔ o. Bia be yeaƒo nu kple fiasetɔa alo amesi le fiasea dzi kpɔm. Ƒo nu kpuie eye nàyi nyaa gbɔ tẽ. Nya kae nàte ŋu agblɔ?

4-6. Nya kae míate ŋu agblɔ ne míele ɖase ɖim na fiasedzikpɔla alo fiasetɔ?

4 Ne èle nu ƒom na fiasedzikpɔla alo fiasetɔa la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe: “Dɔ geɖe nɔa nudzralawo dzi woawɔ ale gbegbe be ƒã hafi míetua wo le aƒeme, eyatae míeva gbɔwò le wò fiasea me. Míaƒe magazinewo ƒoa nu tso nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame fifia ŋu.” Emegbe ƒo nu tso magazine aɖe me nya aɖe ŋu kpuie.

5 Alo àte ŋu ate dzeɖoɖomɔnu bɔbɔe sia kpɔ: “Ame geɖe adi be yewoanya nu geɖe tso Biblia ŋu evɔ ɣeyiɣi geɖe mele wo si o. Trakt sia ƒo nu tso nusɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖo aɖe si akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na wò Biblia me nyabiabiawo la ŋu.” Azɔ fia asi nya siwo le trakt si nye Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua? ƒe axa 4-5.

6 Ne ewɔ abe vovo mele fiasetɔa ŋu o ene la, ɖewohĩ ànae trakt aɖe ko ahagblɔ be: “Magatrɔ ava ne èvo vie. Màdi be manya nusi nèsusu tso trakt sia ŋu.”

7. Aleke míate ŋu atu amesiwo míekpɔ le fiasewo me ƒe ɖetsɔleme ɖoe?

7 Tu Ðetsɔleme si Woɖe Fia la Ðo: Ðewohĩ àte ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ le anyigbamama siwo me fiasewo le kura gɔ̃ hã me. Mɔɖela vevi aɖe tsɔa magazinewo yina na nudzrala aɖe edziedzi. Esi ŋutsua kpɔ ŋudzedze ɖe nusi xlẽm wònɔ ŋu la, mɔɖelaa zã Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza tsɔ fiae alesi wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e. Woɖo nusɔsrɔ̃ gɔme anyi enumake le ŋutsua ƒe fiasea me. Le nɔnɔmeawo ta la, miniti 10 alo 15 koe mɔɖelaa zãna tsɔ srɔ̃a nu kplii. Mina míawo hã míayi edzi adi amesiwo dze to ɖaseɖiɖi le fiasewo me me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe