INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/04 axa 3
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! Nanɔ Vi Ðem na Wò Ɣesiaɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nudɔdɔwo Gbugbɔwɔmɔnu si Le Bɔbɔe Wu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 7/04 axa 3

Nyabiaɖaka

◼ Aleke míawɔ axɔ mía ŋutɔwo ƒe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tatawo?

Esi wònye míegawɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tatawo kple esiwo wolé ɖe kasɛt dzi ƒe nudɔdɔ le gbegbɔgblɔ aɖeke me o ɣeyiɣi aɖee nye esia ta la, ele be gbeƒãɖelawo katã naxɔ magazineawo kple kasɛtwo to hamea dzi. Ŋkunɔwo ƒe magazinewo kple kasɛtwo, siwo woaɖo ɖe amesiwo dze na wo ya mele ɖoɖo yeye sia me o. Taflatse, mide dzesii be hamewo ate ŋu azã Congregation Requests (M-202) ƒe nudɔgbalẽvia atsɔ adɔ magazine siwo me nyawo wolé ɖe kasɛt dzi. Ele be woazã nudɔgbalẽvi sia ke adɔ dutagbe me magazinewo alo esiwo ƒe nuŋɔŋlɔ lolo hã.

Ne ame aɖe le miaƒe anyigbamama me si di be woanɔ magazineawo tsɔm vɛ na ye edziedzi la, ke taflatse mikpɔ egbɔ be miakpɔ esia gbɔ nɛ kaba ale be tata ɖeka pɛ gɔ̃ hã nagato eŋu o. Amesiwo woɖe le hamea me ate ŋu axɔ woa ŋutɔwo ƒe magazinewo alo agbalẽ bubuwo le agbalẽxɔƒea le Fiaɖuƒe Akpata me. Mele be gbeƒãɖelawo nanɔ magazinewo tsɔm yi na amesiwo woɖe le hamea me o.

Amesiwo ƒe nudɔdɔwo ko gbɔ Ghana alɔdzedɔwɔƒea akpɔe nye amesiwo hamea me gbeƒãɖela aɖeke mate ŋu atsɔ magazineawo anɔ yiyim na o. Ne Hame ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia bia be woaɖo nudɔdɔwo ɖe ame aɖe si mate ŋu axɔ magazineawo to mɔ aɖeke dzi o la, ele be hamea ƒe agbalẽŋlɔla naŋlɔ nya sue aɖe akpe ɖe nudɔdɔa ŋu si aɖee afia be Hame ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia lé ŋku ɖe nudɔdɔa ŋu heda asi ɖe edzi.

Esia fia be mele be gbeƒãɖelawo naŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒea abia be woaɖo nudɔdɔwo ɖe yewo o. Woagbugbɔ nudɔdɔ siwo gbeƒãɖelawo alo ɖetsɔlemetɔwo wɔ la ƒe agbalẽviawo aɖo ɖe hamea.

◼ Aleke gaxɔmenɔlawo awɔ axɔ magazineawo?

Ne anya wɔ be hame si ɖea gbeƒã le afisi gaxɔ aɖe le ate ŋu atsɔ magazineawo ayi na gamenɔla siwo le afima la, ekema gbeƒãɖela siwo yia afima la ate ŋu atsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ayi na gamenɔla si dii. Ne esia manya wɔ o la, gamenɔla la ŋutɔ ate ŋu aŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea awɔ nudɔdɔwo. Taflatse, mide dzesii be mɔ si ŋu nya míegblɔ le memama sia me dzi kee amesi woɖe le hamea me si nye gamenɔla hã ato axɔ eya ŋutɔ ƒe magazinewoe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe