Na Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! Nanɔ Vi Ðem na Wò Ɣesiaɣi
Fifia esi Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ wɔwɔ to posu me ƒe ɖoɖoa megali o la, abia agbagbadzedze bene tata ɖeka gɔ̃ hã nagato mía kple amesiwo míeɖea gbeƒã na ŋu o.
Esi Mía Ŋutɔwo Míazã: Ne èwɔa nudɔdɔ na ɖokuiwò tsã eye fifia nudɔdɔa vɔ la, ke anyo be nàdzi esi nèxɔna le magazinexɔƒea ɖe edzi. Dzilawo nadɔ magazine agbɔsɔsɔ si sɔ le magazinexɔƒea bene wòanɔ ƒomea me tɔ ɖesiaɖe si. Ŋkɔ ŋɔŋlɔ ɖe wò ŋutɔ tɔwòa dzi awɔe be màɖe ŋu ɖi atsɔe ana le gbeadzi o. Ne magazineawo va ɖo ko la, ele be nɔviŋutsu siwo le edzi kpɔm nakpɔ egbɔ be tata ɖesiaɖe ɖo Fiaɖuƒe Akpata me enumake.
Magazine ƒe Ademɔwo: Gbeƒãɖelawo nadze agbagba be ɖetsɔlemetɔ siwo di be yewoanɔ tata ɖesiaɖe xɔm nanɔ woƒe magazine ƒe ademɔ dzi. Magazineawo tsɔtsɔ yi na amesiawo tẽ aʋu mɔ ɖi be míatu woƒe ɖetsɔleme ɖo eye míadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, October 1998, axa 8.
Amesiwo ŋu Hiahiã Tɔxɛwo Le: Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme vavã fia gake wòle anyigbamama si womede asi na hame aɖeke o me la, woate ŋu aɖe mɔ nɛ be wòawɔ nudɔdɔ axɔ magazineawo to posu me. Ne womate ŋu atsɔ magazineawo aɖo ame aɖe si le hamea ƒe anyigbamama me gbɔ tẽ o, evɔ amea di vevie be yeanɔ magazineawo xɔm edziedzi la, ekema woaƒo nu tso eŋu na Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia. Ne woda asi ɖe edzi la, ke woate ŋu ana woawɔ nudɔdɔ na ɖetsɔlemetɔa. Woate ŋu azã nudɔgbalẽvi siwo míezãna ɖaa (M-1 kple M-101) atsɔ awɔ nudɔdɔae.
Míeka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi ayra ɖe agbagba siwo katã dzem míele be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea to Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo dzi la dzi.