INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/05 axa 4-5
  • Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Ðo Ɣeyiɣi Ði na Magazinedɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Magazinewo Ðea Gbeƒã Fiaɖuƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! la Zazã Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 3/05 axa 4-5

Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me

1, 2. Aleke Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzii?

1 “Wohea ame ƒe susu, wotua ame ɖo, eye wovana ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” “Wonye magazine siwo me nya tuameɖowo le wu bubu ɖesiaɖe si mexlẽ kpɔ.” Nya siawo ɖe alesi Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo xlẽlawo sena le wo ɖokui me le xexeame godoo fia. Le nyateƒe me la, míaƒe magazinewo nye dɔwɔnu xɔasi siwo zãm míele tsɔ nyanyuia le ‘ame ƒomeviwo katã’ gbɔ ɖom.—Tim. I, 2:4.

2 Ŋutsu asitsala aɖe xɔ Nyɔ! magazine aɖe si ƒe tanya do dzidzɔ nɛ. Emegbe exlẽ Gbetakpɔxɔ si wotsɔ kpe ɖe eŋu la, si ƒe nyati aɖe ʋãe be wòawɔ numekuku tso Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia si dzi wòxɔ se ɣeyiɣi didi aɖe la ŋu. Esia nyɔ eƒe ɖetsɔleme. Le ɣleti ade megbe la exɔ nyɔnyrɔ. Ŋutsu bubu aɖe hã xɔa magazineawo edziedzi gake mexlẽe kpɔ o. Ŋutsua srɔ̃ ya xlẽa magazineawo, gake eƒoa asa na Ðasefowo. Biblia me ŋugbedodo si ku ɖe paradisonyigba si dzi ame dzɔdzɔewo anɔ la wɔ dɔ ɖe nyɔnua dzi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eya ŋutɔ, viaŋutsu, kple nɔvianyɔnu va zu Yehowa subɔlawo.

3. Viɖe kae le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! siaa nana ɖekae ŋu?

3 Na Woa Kple Evea Siaa: Abe alesi kpɔɖeŋu siwo ŋu nya míegblɔ va yi ɖee fia ene la, míate ŋu anya amesi tututu axlẽ míaƒe magazineawo kple nusiwo anyɔ woƒe ɖetsɔleme o. (Nyagb. 11:6) Togbɔ be zi geɖe magazineawo dometɔ ɖeka ko ŋue míaƒo nu le le míaƒe ɖaseɖiɖia me hã la, anyo be míatsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! siaa ana amea. Le nɔnɔme aɖewo me la, anyo be míana magazine siwo ƒo nu tso nyati vovovowo ŋu le trɔtrɔyi wɔwɔ me.

4. Ðoɖo kae míate ŋu awɔ ɖe magazine nana ŋu?

4 Anyo be míatia ŋkeke aɖe le kwasiɖaa me hena magazine nana. Le 2005 Calendar of Jehovah’s Witnesses dzi la, wotia Memleɖagbe ɖesiaɖe be wòanye “Magazineŋkeke.” Nyateƒee, esi wònye be nutoa ƒe nɔnɔmewo kple mía ŋutɔwo tɔ hã to vovo ta la, ame aɖewo atia ŋkeke bubu na magazine nana. Ðe esia le wò kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe ɖoɖowɔɖiwo mea?

5. Magazine nana ƒe mɔnukpɔkpɔ kawo ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo, eye nukae akpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me?

5 Ðo Taɖodzinu na Ðokuiwò: Magazine agbɔsɔsɔ si míana ɣleti sia ɣleti ɖoɖo na mía ɖokui akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ magazine nana ŋu. Ðe magazine ƒe ademɔ le asiwòa? Ènaa magazine amesiwo nèdoa goe le wò subɔsubɔdɔa mea? Ðe nàte ŋu ana magazine le ablɔwo dzi, le fiasewo me, kple le afisi amewo lɔ̃a nɔnɔa? Ðe nètsɔa magazinewo dea wò akplo me ne èle mɔ zɔm, ne èyina asime, alo èyina be yeava do go ame aɖea? Zã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si sɔ nàtsɔ akpe ɖe amewo ŋu be Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo naɖe vi na wo.

6. Aleke míate ŋu awɔ magazine xoxowo ŋudɔe wòaɖe vi?

6 Ele be míaɖo magazine xoxo siwo le mía si la nana hã ƒe taɖodzinu na mía ɖokui. Nenye be womete ŋu na magazineawo le ɣleti ɖeka alo eve siwo kplɔ ɣletiŋkekea si le edzi ɖo me o hã la, asixɔxɔ gale wo me nyawo ŋu kokoko. Tsɔe na amesiwo aɖe ɖetsɔleme fia. Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo me nya siwo sɔna ɖe ɣeyiɣi dzi le na ame miliɔn geɖe abe ‘nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi ene.’ (Lod. 25:11) Mina míadze agbagba ɖesiaɖe azã wo atsɔ akpe ɖe ame miliɔn geɖe bubuwo ŋu be woava dze si Yehowa ahasubɔe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe