INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/93 axa 1-2
  • Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! la Zazã Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! la Zazã Nyuie
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Magazinewo Ðea Gbeƒã Fiaɖuƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Ðo Ɣeyiɣi Ði na Magazinedɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 8/93 axa 1-2

Gbetakpɔxɔ Kple Nyɔ! la Zazã Nyuie

1 Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ye nye magazine xɔasi siwo ŋu viɖe le wu si amewo ate ŋu akpɔ axlẽ egbea. Nukatae? Elabena nyateƒe siwo tso gbɔgbɔ me siwo le eme la ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi ɖaa. Gake ame geɖewo metsi dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu bliboe o, alo womenya afisi woakpɔe le o. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míasrɔ̃ apostolo Paulo esi míakpe ɖe amewo ŋu aʋu woƒe gbɔgbɔmeŋku na wo.—Mat. 5:3; Dɔw. 26:18.

2 Nukpɔsusu Nyuitɔ Nenɔ Asiwò eye Nàdzra Ðo: Anɔ eme be amesiwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le siwo aɖo to nyateƒea le wò anyigbamamã me. Ahiã dzidede ƒo dɔmenyotɔe ko le ame aɖewo gome be woaxlẽ magazineawo. Eyata na nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ asiwò eye nàƒo nu dɔmenyotɔe ne èle Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nam. Na magazinewo nanɔ asiwò eye wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ nàtsɔ ana wo, ne èle agbalẽ bubuwo nam gɔ̃ hã.

3 Nukae ana míate ŋu ana magazinewo nyuie wu? Gbã la, ele be mía ŋutɔwo míakpɔ ŋudzedze ɖe woƒe asixɔxɔ ŋu. Ele be míanya nyati siwo le magazine siwo nam míele la me nyuie, eye esia adzi míaƒe kakaɖedzi kple didi vevie be míana wo ɖe edzi. Na esia nanɔ susu me na wò ne èdo ŋgɔ le exlẽm. Nɔ ŋudzɔ be nàtia nya siwo ŋu nàƒo nu le le gbeadzi. Bia ɖokuiwò be: ‘Amekae nyati sia adzɔ dzi na koŋ? Ðe nyɔnu aƒedzikpɔla, sɔhɛ, alo asitsala akpɔ ŋudzedze ɖe eŋua? Ðe nya sia adzɔ dzi na sukuvi, srɔ̃tɔ, alo amesi tsia dzi ɖe nutowo me ŋu mea?’ Ne míate ŋu ana magazineawo nyuie wu la, ele be míanɔ te ɖe emenya siwo míenya kple alesi woƒe nyatiwo sɔ na ɣeyiɣiae la dzi aƒo nu nyuie le wo ŋu.

4 Wɔ Tata Xoxowo Ŋudɔ Nyuie: Ðo ŋku edzi be asixɔxɔ mevɔna le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyawo ŋu ne womena wo eye wotsi anyi ɣleti ɖeka alo eve gɔ̃ hã o. Ɣeyiɣiwo ƒe yiyi meɖea nya siwo le wo me ƒe vevienyenye dzi kpɔtɔ o, eye mele be míahe ɖe megbe le tata xoxowo nana me ne míelé be na wo wole dzadzɛ o. Magazine siwo míana woali kɔ ɖi eye míagazã wo o la nye ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe dɔwɔnu xɔasi siawo ŋu. Nyateƒenya siwo ate ŋu anyɔ gbɔgbɔmenuwo didi ɖe ame me eye wòakpɔ wo gbɔ la le magazine ɖesiaɖe me. Le esi teƒe be míagblẽ magazine xoxowo ɖi ahaɖe asi le wo ŋu kura la, ɖe manyo wu be míadze agbagba vevie atsɔ wo ana ɖetsɔlemetɔwo alo ne eglo la, míagblẽ wo ɖe afisi womadze gaglã ne amewo mele aƒeme oa?

5 Nyɔ! magazine la kpe ɖe ame geɖe siwo metsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenyawo me tsã o ŋu wova tsi dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu. Gbetakpɔxɔ nye dɔwɔnu vevi aɖe le Yehowa ƒe amewo ƒe gbɔgbɔmenuɖuɖu nana ƒe ɖoɖoa me. Magazine siawo zɔna kple wo nɔewo aduadu, eye wowɔa akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me.

6 Esi míele mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ wɔm be míana magazinewo la, míate ŋu aka ɖe dzi bliboe be akpɔ amesiwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ nyuie. Míedi be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si, be míadzra ɖo nyuie, eye míayi gbeadzi ɣesiaɣi. Esi míenye nyanyuia ƒe gbeƒãɖelawo ta la, mina mí katã míawɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ŋudɔ nyuie ɣesiaɣi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe