Ðe Gbeƒã Le Dɔwɔƒewo Kple Asitsaƒewo Dzinɔameƒotɔe
1. Nu ka tae mele be dzi naɖe le mía ƒo ne esesẽna na mí be míaɖe gbeƒã le dɔwɔƒewo kple asitsaƒewo o?
1 Ðe wòsesẽna na wò be nàɖe gbeƒã le dɔwɔƒewo kple asitsaƒewoa? Ne nenemae la, dzi megaɖe le ƒowò o, elabena ehiã be Paulo, ame si nye nya nyui gblɔla dzinɔameƒotɔ si mevɔ̃na o la kura gɔ̃ hã be ‘wòalé dzi ɖe ƒo’ be wòate ŋu aɖe gbeƒã. (1 Tes. 2:2) Míadzro nɔnɔme aɖewo siwo ŋu mía dometɔ aɖewo tsia dzi ɖo kpakple aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe wo ŋu woaɖu wo dzi la me le nyati sia me.
2. Nu ka tae mele be míatsi dzi be dɔwɔlawo ado dziku o?
2 Ne Dɔwɔlawo Le Dɔ Wɔm Eye Meva Ðase Ði Ge Na Wo La, Ðe Womado Dziku Oa? Le dɔwɔƒe geɖewo la, dɔwɔlawo li be woasubɔ ame sia ame si va la, eya ta wokpɔa vovo ɖe ame ŋu. Zi geɖe la, wodea bubu ame ŋu, elabena woasusui be àte ŋu ava zu yewoƒe asisi. Ne èdo awu si sɔ nyuie eye nèdo vivi ɖe wo ŋu hewɔ nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe la, ana woade bubu ŋuwò.
3. Nu kae míawɔ be míagado dziku na asisiwo kple nuƒlelawo o?
3 Ðe Wòle Be Maɖe Gbeƒã Na Wo Ne Amewo Sɔ Gbɔ Ðe Fiaseawo Mea? Ne anya wɔ la, tia ɣeyiɣi si amewo mesɔa gbɔ ɖe fiaseawo me o; le kpɔɖeŋu me, ne woʋu ʋɔawo teti ko. Lala va se ɖe esime ame aɖeke megale woƒe amegã la alo dɔwɔla la gbɔ o hafi nàte ɖe eŋu. Na wò dzeɖonyaa nanɔ kpuie.
4. Nya kae míate ŋu agblɔ ne míele ɖase ɖim le dɔwɔƒewo kple asitsaƒewo?
4 Nya Kae Magblɔ? Ne dɔwɔlawo sɔ gbɔ ɖe dɔa me la, ƒo nu na ame si le teƒea dzi kpɔm. Àte ŋu agblɔ be: “Esesẽna ŋutɔ be míakpɔ dɔwɔlawo kple asitsalawo le aƒe me, esia tae míeva gbɔwò le wò dɔwɔƒe ɖo. Menya be èle dɔ wɔm, eya ta magblɔ nya si metsɔ vae la kpuie ko.” Mehiã be míagblɔ nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖo si ku ɖe míaƒe agbalẽwo ŋu la na wo o, negbe ɖe wobia nya aɖe mí ku ɖe afi si míekpɔa ga le tsɔ taa míaƒe agbalẽwo ŋu ko hafi, ale be woagasusu be nudzralawoe míenye o. Àte ŋu abia dɔdzikpɔlaa nenye be anya wɔ be yeaƒo nu na dɔwɔlawo kpuie hã; esia anɔ te ɖe dɔwɔƒe si ƒomevi wònye dzi. Zã dzeɖonya ma ke na woawo hã. Ne edze be dɔwɔla aɖe mevo o la, tso wò dzeɖonyaa dzi kpɔtɔ eye nàna trakt ɖekae. Ne manya wɔ be nàƒo nu kple dɔwɔlawo o la, ɖewohĩ dɔdzikpɔlaa aɖe mɔ na wò be nàgblẽ agbalẽwo ɖi na wo ɖe xɔ si me woɖina ɖe eme le, alo teƒe bubu aɖe.
5. Susu kawo tae wòle be míaɖe gbeƒã le dɔwɔƒewo kple asitsaƒewo dzinɔameƒotɔe?
5 Yesu kple Paulo siaa ɖe gbeƒã na amewo le woƒe dɔwɔƒewo kple asitsaƒewo dzinɔameƒotɔe, eya ta wò hã àte ŋui. (Mat. 4:18-21; 9:9; Dɔw. 17:17) Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖe dzi ɖi eye dzideƒo nanɔ asiwò. (Dɔw. 4:29) Amewo nɔa dɔwɔƒewo kple asitsaƒewo godoo, eya ta ɖe manyo be nàte ɖaseɖimɔnu sia si tsea ku la kpɔ oa?