Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ði Ðase Le Dɔwɔƒewo Kple Nudzraƒewo
Nu Si Ta Wòle Vevie: Esi ame geɖe wɔa dɔ hena gaƒoƒo geɖe ta la, zi geɖe la, mɔ nyuitɔ si dzi míato be Fiaɖuƒegbedeasia naɖo wo gbɔe nye be míaɖi ɖase na wo le woƒe dɔwɔƒewo. Ðaseɖiɖi le dɔwɔƒewo kple nudzraƒewo ate ŋu avivi, eye nu nyuiwo ate ŋu ado tso eme elabena míake ɖe amewo ŋu godoo, eye dɔwɔlawo wɔa nu ɖe ame siwo wosusu be woate ŋu ava nye yewoƒe asisiwo la ŋu nyuie. Hafi míate ŋu akpɔ dzidzedze la, ele be gbeƒãɖelawo nabu nuwo ŋu nyuie eye woado awu le nɔnɔme nyui me. (2 Kor. 6:3) Le esia ta ele vevie be subɔsubɔdɔdzikpɔla nakpɔe ɖa be ɣeyiɣi kawoe asɔ be woanɔ dɔ wɔm le teƒe mawo eye ame kawoe anɔ dɔa wɔm le teƒe mawo hã.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Le fiẽsi Ƒometadedeagu si miagawɔ me la, dzra ɖo ɖe ɖaseɖinya si nàte ŋu azã ŋu ne àɖe gbeƒã le dɔwɔƒewo kple nudzraƒewo.