September 14 Ƒe Kwasiɖa
SEPTEMBER 14 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 50 Kple Gbedodoɖa
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
cl ta 30 mm. 10-18 (30 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: 2 Fiawo 16-18 (8 min.)
No. 1: 2 Fiawo 17:12-18 (3 min. alo esi made o)
No. 2: Aleke Nàwɔ Be Biblia Xexlẽ Naɖe Vi Geɖe Na Wò?—nwt axa 36 (5 min.)
No. 3: Ƒudzĩ La Tsotso—my ŋutinya 33 (5 min.)
Subɔsubɔ Kpekpe:
Ɣletia Ƒe Nyati: ‘Ði ɖase le nya nyui la ŋu tsitotsito.’—Dɔw. 20:24.
10 min: ‘Ði Ðase Le Nya Nyui La Ŋu Tsitotsito.’ Nuƒo si wotu ɖe ɣletia ƒe nyatia kple Bearing Witness gbalẽa ta 1, memama 1-11 lia dzi.—Dɔw. 20:24.
20 min: “Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ði Ðase Le Dɔwɔƒewo Kple Nudzraƒewo.” Numedzodzro. Na woawɔ wɔwɔfia kpui si le akpa eve me. Le gbãtɔ me la, gbeƒãɖelaa di be yeaɖe gbeƒã na dɔwɔla aɖe gake mebu nuwo ŋu nyuie o. Na woagawɔ wɔwɔfiaa ake, gake fifia ya gbeƒãɖelaa bu nuwo ŋu nyuie do ŋgɔ. Emegbe kpe nyaselawo woagblɔ nu si tae wɔwɔfia evelia nyo wu.
Hadzidzi 96 Kple Gbedodoɖa