February 27 Ƒe Kwasiɖa
FEBRUARY 27 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 24 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
lv ta 6 mm. 10-15, kple aɖakaa, axa 67 (25 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Yesaya 63-66 (10 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto (20 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Gbeƒãɖeɖewo. Na woazã kpɔɖeŋudzeɖonya si le axa 4 lia atsɔ awɔ ale si míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme le Memleɖa gbãtɔ dzi le March me la ƒe wɔwɔfia.
15 min: Kpe Ðe Ame Siwo Mexɔ Biblia Dzi Se O La Ŋu. Numedzodzro si wotu ɖe Reasoning gbalẽa, axa 64-68 dzi. Na woawɔ wɔwɔfia ɖeka alo eve.
10 min: “Eŋlisigbe Me Gbetakpɔxɔ Ƒe Tata Si Gɔme Sese Le Bɔbɔe Wu La Aɖe Vi Na Wòa?” Nuƒo. Ele be nɔviŋutsu si wode dɔ sia asi na la nawɔ tata sia ƒe kɔpi eve tso Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org dzi. [Ne eʋu Nyatakakadzraɖoƒe sia la, ate ŋu akpɔe le tanya si nye “Latest Magazines (English)” te. Ele be wòatia tanya sue si nye “Watchtower (Simplified)” si nye PDF format.] Ele be woatsɔ kɔpi siawo ada ɖe magazinexɔƒea kwasiɖa geɖe ale be gbeƒãɖelawo nakpɔ ale si wòle.
Hadzidzi 17 Kple Gbedodoɖa