July 9 Ƒe Kwasiɖa
JULY 9 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 35 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
lv ta 12 mm. 1-8 (25 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Xezekiel 11-14 (10 min.)
No. 1: Xezekiel 11:14-25 (4 min. alo made o)
No. 2: Aleke Wòle Be Míase Yohanes 6:53-57 Gɔmee?—rs-E axa 263 mm. 3-4; +gt 55 (5 min.)
No. 3: Nu Kae Nye Tufafa, Eye Aleke Wòakpe Ðe Mía Ŋu Be Nukpɔsusu Nyui Nanɔ Mía Si?—Mat. 5:5 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
5 min: Gbeƒãɖeɖewo.
15 min: Wɔ Tɔtrɔyi Tsekuwo. Numedzodzro si wotu ɖe nyabiase siwo gbɔna dzi: (1) Nu ka tae wòanyo be taɖodzinu aɖe koŋ nanɔ mía si ɣesiaɣi si míawɔ tɔtrɔyi aɖe? (2) Ɣeyiɣi didi kae wòle be míanɔ ame aɖe gbɔ le tɔtrɔyi gbãtɔ ʋɛawo wɔwɔ me? (3) Aleke míate ŋu aɖe mía ɖokui nu ne míetrɔ yi ame aɖe gbɔ? (4) Nya kae míate ŋu agblɔ ne amea gblɔ be yemedi be yeasrɔ̃ nu o? (5) Ne míetrɔ yi ame aɖe si xɔ trakt, agbalẽ gbadza, alo magazinewo gbɔ la, ɣekaɣie míate ŋu ana Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa amea, eye aleke míawɔe? (6) Aleke míate ŋu atu aƒemenɔla aɖe ƒe ɖetsɔleme ɖo ne míetea ŋu kena ɖe eŋu le aƒe me o? (7) Aleke míana hehe gbeƒãɖela siwo si nuteƒekpɔkpɔ boo mesu o ne míele tɔtrɔyiwo wɔm?
15 min: “Nu Ka Ŋue ‘Nètsoa Aseye Le’?” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. Ne miele memama 4 lia me dzrom la, de dzi ƒo na gbeƒãɖelawo katã be woatsɔ woƒe gbeadzikɔntabubu ana ɣleti sia ɣleti. Dzro Ðoɖo gbalẽa ƒe axa 88 va se ɖe axa 90 ƒe akpa siwo do ƒome kple nya sia la me.
Hadzidzi 9 Kple Gbedodoɖa