INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/12 axa 8
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 10/12 axa 8

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le October me: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka ne asɔ ɖe amea ƒe hiahiã nu wu, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. November: Mina trakt ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa, si le hamea si. Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, mizã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka miatsɔ awɔ ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃e la fia aƒemenɔlaa. December: Mina trakt ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa. Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, mizã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka miatsɔ awɔ ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃e la fia aƒemenɔlaa. January: Mina axa 32-gbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka ne asɔ ɖe amea ƒe hiahiã nu wu, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme.

◼ Hame geɖewo ƒe gbeadzikɔntabubu tsia megbe. Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ ne gbeƒãɖelawo tsɔ woƒe gaƒoƒo na kaba. Míele ŋku ɖom edzi na hame ƒe agbalẽŋlɔlawo be woaɖo akɔntabubuawo, siwo ŋu akɔntabubu siwo tsi megbe hã kpe ɖo la, ɖa kaba ɣleti sia ɣleti (woate ŋu aɖoe ɖa to Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org la alo fax (030-2712454) dzi).

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe