November 5 Ƒe Kwasiɖa
NOVEMBER 5 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 48 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
jr ta 1 mm. 1-7 (30 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Yoel 1-4 (10 min.)
No. 1: Yoel 2:17-27 (4 min. alo made o)
No. 2: Mɔ Ŋutɔŋutɔ Kawo Nue Míate Ŋu Awɔ Lododowo 22:3 Me Nyawo Dzi Le? (5 min.)
No. 3: Aleke Míaɖee Afia Be Míedea Bubu Yehowa Ƒe Habɔbɔa Ŋu?—rs-E axa 284 mm. 3-7 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Nyɔnu Nya Nyui Gblɔlawo De Ha Kpaŋ. (Ps. 68:12, NW) Numedzodzro si wotu ɖe 2012 Yearbook, axa 117, memama 2, va se ɖe axa 118, memama 2; kple axa 130, memama 1, va se ɖe axa 131, memama 2 dzi. Kpe nyaselawo ne woagblɔ nu siwo wosrɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔawo me.
10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
10 min: Ale Si Míana Magazineawo Le November Me. Numedzodzro. Zã sɛkɛnd 30 va se ɖe 60 nàtsɔ agblɔ nu si tae magazineawo ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me ɖo. Ema megbe la, kpe nyaselawo ne woagblɔ nya siwo míate ŋu abia atsɔ anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme ɖe Gbetakpɔxɔ la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la ŋu, eye eyome nàbia wo be mawunyakpukpui kae míate ŋu axlẽ hã. Wɔ nenema ke le Nyɔ! la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la gome, eye ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, gawɔ nenema ke le magazineawo me nyati bubu aɖe hã ŋu. Na woawɔ ale si míate ŋu ana magazineawo la ƒe wɔwɔfiawo.
Hadzidzi 15 Kple Gbedodoɖa