Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le December me: Mina trakt siwo gbɔna la dometɔ ɖe sia ɖe si le hamea si: Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku?; Yesu Kristo—Amekae Wònye?; Nya Nyateƒe La; Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me, kple Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum? Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, mizã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka miatsɔ awɔ ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃e la fia aƒemenɔlaa. January kple February: Mina axa 32-gbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka ne asɔ ɖe amea ƒe hiahiã nu wu, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. March: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka ne asɔ ɖe amea ƒe hiahiã nu wu, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme.
◼ Míawɔ ƒe 2014 ƒe Ŋkuɖodzia le Dzoɖagbe, April 14, dzi.
◼ Mɔnukpɔkpɔ asu gbeƒãɖela siwo awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March 2013 me la si be woatiae ne woawɔ gaƒoƒo 30 loo, alo 50 le ɣletia me. Gakpe ɖe eŋu la, ne nutome sue dzikpɔla le hame aɖe srãm kpɔ le March me la, míele gbeƒãɖela siwo le subɔsubɔm abe kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ene la katã kpem be woade kpekpe si nutome sue dzikpɔla wɔna kple gbesiagbe mɔɖelawo la ahakpɔ gome le kpekpe bliboa katã me.