January 7 Ƒe Kwasiɖa
JANUARY 7, 2013 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 9 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
jr ta 3 mm. 13-19 (30 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Mateo 1-6 (10 min.)
No. 1: Mateo 5:21-32 (4 min. alo made o)
No. 2: Nu kae Ate Ŋu Awɔe be Mawu Mase Ame Aɖe Ƒe Gbedodoɖa O?—rs-E axa 293 mm. 3–axa 294 mm. 3; +bh axa 166 mm. 5–axa 167 mm. 8 (5 min.)
No. 3: Nu Si Wòfia Be Yehowa Nanye “Wò Gome”—4 Mose 18: 20 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Ale Si Míana Magazineawo Le January Me. Numedzodzro. Zã sɛkɛnd 30 va se ɖe 60 nàtsɔ agblɔ nu si tae magazineawo ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me ɖo. Ema megbe la, kpe nyaselawo ne woagblɔ nya siwo míate ŋu abia atsɔ anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme ɖe Gbetakpɔxɔ la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la ŋu, eye eyome nàbia wo be mawunyakpukpui kae míate ŋu axlẽ hã. Wɔ nenema ke le Nyɔ! la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la gome, eye ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, gawɔ nenema ke le magazineawo me nyati bubu aɖe hã ŋu. Na woawɔ ale si míate ŋu ana magazineawo la ƒe wɔwɔfiawo.
10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
10 min: Fiaɖuƒe Akpata Si Le Dzadzɛ Dea Bubu Yehowa Ŋu. Hamemetsitsi ƒe nuƒo. Yehowa nye Mawu si le kɔkɔe, eya ta dzadzɛnyenye le vevie na eƒe amewo ŋutɔ. (2 Mose 30:17-21; 40:30-32) Ne míena míaƒe tadeaguƒe le dzadzɛ eye míedzra eme ɖo nyuie la, míehea kafukafu vɛ na Yehowa. (1 Pet. 2:12) Gblɔ ale si Fiaɖuƒe Akpata ƒe dzadzɛnyenye zu ɖaseɖiɖi le miaƒe nutoa me ƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖe alo esi wota ɖe míaƒe agbalẽwo me. Bia gbe nɔviŋutsu si kpɔa akpataa me dzadzraɖo kple beléle nɛ ƒe ɖoɖoa gbɔ wòagblɔ ale si ɖoɖoa le le mia gbɔ. De dzi ƒo na nɔviawo katã be woanɔ gome kpɔm le Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo kple beléle nɛ ƒe dɔa me.
Hadzidzi 13 Kple Gbedodoɖa