February 4 Ƒe Kwasiɖa
FEBRUARY 4 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 42 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
jr ta 5 mm. 1-6, aɖaka si le axa 55 (30 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Mateo 22-25 (10 min.)
No. 1: Mateo 23:25-39 (4 min. alo made o)
No. 2: Nu Ka Tae Wòle Be Kristotɔwo Natsɔ Ðe Le Biblia Ƒe Nyagblɔɖiwo Me Vevie?—rs-E axa 297 mm. 4-8; +bh axa 19 mm. 5; axa 24 mm. 17 (5 min.)
No. 3: Biblia Me Kpɔɖeŋu Kae Ðe Nunya Si Le Lododowo 3:5 Me Nyawo Me Fia? (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Ale Si Míana Magazineawo Le February Me. Numedzodzro. Zã sɛkɛnd 30 va se ɖe 60 nàtsɔ agblɔ nu si tae magazineawo ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me ɖo. Ema megbe la, kpe nyaselawo woagblɔ nya siwo míate ŋu abia atsɔ anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme ɖe Gbetakpɔxɔ la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la ŋu, eye eyome nàbia wo be mawunyakpukpui kae míate ŋu axlẽ hã. Wɔ nenema ke le Nyɔ! la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la gome, eye ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, gawɔ nenema ke le magazineawo me nyati bubu aɖe hã ŋu. Na woawɔ ale si míate ŋu ana magazineawo la ƒe wɔwɔfiawo.
10 min: Ne Ame Aɖe Gblɔ Be, ‘Èxɔ Mawuɖekaetɔ̃ Dzi Sea?’ Numedzodzro si wotu ɖe Reasoning gbalẽa, axa 425 memama 3, va se ɖe axa 426 ƒe nuwuwu dzi. Na woawɔ wɔwɔfia kpui aɖe hã.
10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
Hadzidzi 1 Kple Gbedodoɖa