INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/13 axa 3
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 2/13 axa 3

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le February 25, 2013 ƒe kwasiɖaa me. Wotsɔ ɣletiŋkeke si dzi wowɔ ɖoɖo be woadzro nyabiase ɖe sia ɖe me le sukua me la kpe ɖe eŋu ale be míate ŋu awɔ numekuku tso wo ŋu ne míele dzadzram ɖo ɖe sukua ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa.

1. Nu ka tae Yesu gblɔ be “ame siwo le nu xam” la akpɔ dzidzɔ? (Mat. 5:4) [Jan. 7, w09 2/15 axa 6 mm. 6]

2. Le kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo me la, nu kae wòwɔnɛ esi wògblɔ be: “Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o”? (Mat. 6:13) [Jan. 7, w04 2/1 axa 16 mm. 13]

3. Nu ka tae Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo maɖe gbeƒã le anyigba katã dzi “hafi Amegbetɔvi la nava ɖo o”? (Mat. 10:23) [Jan. 14, w10 9/15 axa 10 mm. 12; w87 11/1 axa 9 mm. 1 (w87-E 8/1 axa 8 mm. 6)]

4. Nu vevi eve ka dzie Yesu ƒe atiku sue ŋuti kpɔɖeŋu la te gbe ɖo? (Mat. 13:31, 32) [Jan. 21, w08 7/15 axa 17-18 mm. 3-8]

5. Nu ka ŋue Yesu nɔ nu fiam tsoe esi wògblɔ be: “Ne mietrɔ hezu abe ɖevi suewo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o”? (Mat. 18:3) [Jan. 28, w07 2/1 axa 9-10 mm. 3-4]

6. Yesu ƒe nyagbɔgblɔ “wò ŋutɔe gblɔe” gɔme ɖe? (Mat. 26:63, 64) [Feb. 11, w11 6/1 axa 18]

7. Nu ka tae woyɔ Yesu be “sabat la kura gɔ̃ hã ƒe Aƒetɔ” ɖo? (Marko 2:28) [Feb. 18, w08 2/15 axa 28 mm. 7]

8. Nu ka tae Yesu ɖo nya si wogblɔ nɛ tso dadaa kple nɔviaŋutsuwo ŋu la ŋu le mɔ ma nu, eye nu kae míesrɔ̃ tso esia me? (Marko 3:31-35) [Feb. 18, w08 2/15 axa 29 mm. 5]

9. Abe ale si wòdze le Marko 8:22-25 ene la, anye nu ka tae Yesu ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ la vivivi, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? [Feb. 25, w00 2/15 axa 17 mm. 7]

10. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nui esime Petro gbe nya nɛ abe ale si wòdze le Marko 8:32-34 ene la me? [Feb. 25, w08 2/15 axa 29 mm. 6]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe