March 4 Ƒe Kwasiɖa
MARCH 4 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 31 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
jr axa 6 mm. 7-12, aɖaka si le axa 73 (30 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Marko 9-12 (10 min.)
No. 1: Marko 11:19–12:11 (4 min. alo made o)
No. 2: Ðe Nu Vɔ̃ Ƒe Tohehe Bubu Li Na Ame Le Eƒe Ku Megbea?—rs-E axa 300 mm. 2-6 (5 min.)
No. 3: Nu Ka Tae Ame Ðokui Tsɔtsɔ Ðe Adzɔgbe Na Mawu Na Wokpɔa Dzidzɔ?—Dɔw. 20:35 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Ale Si Míana Magazineawo Le March Me. Numedzodzro. Kpe nyaselawo woagblɔ woƒe susu le nyabiase siwo gbɔna ŋu: Ne èle amekpegbalẽviwo mam le kwasiɖanuwuwuwo la, nu kawoe ana nànya ne esɔ be nàna magazinewo hã akpee? Nya kae nàte ŋu agblɔ atsɔ ahe amea ƒe susu ayi ɖe magazineawo dzi le amekpegbalẽvia nana vɔ megbe? Togbɔ be nyabiase kple mawunyakpukpui aɖe dze le kpɔɖeŋudzeɖonya si míatsɔ ana magazineawo me hã la, aleke nàwɔ ana wò nyawo nanɔ kpuie? Na woawɔ ale si míate ŋu ana magazineawo akpe ɖe amekpegbalẽvia ŋu ƒe wɔwɔfiawo.
10 min: Na Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2013 Gbalẽvia Naɖe Vi Na Wò. Numedzodzro. Dzro ƒea ƒe mawunyakpukpui, si le axa 3-4 la, kple tanya si nye “Ale Si Nàwɔ Agbalẽvi Sia Ŋu Dɔ” si le axa 5 lia, me kpuie. Eyome kpe nyaselawo be woagblɔ ɣeyiɣi si woɖo ɖi na ŋɔŋlɔawo me dzodzroa kple ale si wòle vi ɖem na woe. De dzi ƒo na nɔviawo katã be woanɔ ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me dzrom gbe sia gbe nàtsɔ aƒo etae.
10 min: Àna Bubu Nanɔ Ŋkuɖodzia Ŋua? Hamemetsitsi ƒe nuƒo.
Hadzidzi 20 Kple Gbedodoɖa