Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le February me: Mina axa 32-gbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa, alo ne asɔ wu la, mina agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee la dometɔ si asɔ ɖe amea ƒe hiahiã nu, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. March kple April: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa, alo ne asɔ wu la, mina agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee la dometɔ si sɔ, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. May: Mina trakt siwo gbɔna la dometɔ ɖe sia ɖe si le hamea si: Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku?; Yesu Kristo—Amekae Wònye?; Nya Nyateƒe La; Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me, kple Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum? Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, mizã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka miatsɔ awɔ ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃e la fia aƒemenɔlaa.
◼ Wowɔ Ŋkuɖodzia ƒe nuƒogbalẽ yeye eye eyae wòle be Ŋkuɖodzinuƒo ƒolawo nazã tso ƒe 2013 me. Nuƒogbalẽ si woazã le ƒe sia me ƒe tanyae nye: “Kpɔ Ŋudzedze Ðe Nu Si Kristo Wɔ Na Wò La Ŋu!”
◼ Dutoƒonuƒo tɔxɛ si woaƒo le ƒe 2013 ƒe Ŋkuɖodziɖuɣia ƒe tanya anye “Ðe Ku Nye Nu Sia Nu Ƒe Nuwuƒea?”
◼ Alɔdzedɔwɔƒea kpɔa ŋudzedze ɖe nuteƒekpɔkpɔ siwo su mia si la ŋu ŋutɔ. Miate ŋu aŋlɔ miaƒe nuteƒekpɔkpɔawo atsɔ ana miaƒe hamea ƒe subɔsubɔ kɔmitia enumake ne woaɖoe ɖe alɔdzedɔwɔƒea.