INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/13 axa 8
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 3/13 axa 8

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le March kple April me: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa, alo ne asɔ wu la, mina agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee la dometɔ si sɔ, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. May kple June: Mina trakt ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa, si le hamea si. Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, mizã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa alo agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee dometɔ ɖeka miatsɔ awɔ ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃e la fia aƒemenɔlaa.

◼ Míaɖu Ŋkuɖodzia le Braɖa, March 26, 2013 dzi. Ne miaƒe hamea wɔa kpekpe le Braɖagbe la, ele be miatrɔ kpekpea ayi ɖe gbe bubu gbe le kwasiɖaa me nenye be Fiaɖuƒe Akpataa avo. Ne esia manya wɔ o la, ekema hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla ate ŋu atsɔ Subɔsubɔ Kpekpea ƒe akpa siwo aɖe vi na miaƒe hamea ade Subɔsubɔ Kpekpe bubu si miawɔ le ɣletia me la me. Hame siwo gbɔ nutome sue dzikpɔla anɔ la natrɔ kpekpe si wowɔna le Braɖa fiẽ zi geɖe la ayi fiẽ bubu dzi le kwasiɖa ma me.

◼ Hame geɖewo ƒe gbeadzikɔntabubu tsia megbe. Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ ne gbeƒãɖelawo tsɔ woƒe gaƒoƒo na kaba. Míele ŋku ɖom edzi na hame ƒe agbalẽŋlɔlawo be woaɖo akɔntabubuawo, siwo ŋu akɔntabubu siwo katã tsi megbe hã kpe ɖo la, ɖa kaba ɣleti sia ɣleti (woate ŋu aɖoe ɖa to Internet dzi le jw.org alo to fax [030-2712454] dzi).

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe