April 1 Ƒe Kwasiɖa
APRIL 1 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 38 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
jr ta 7 mm. 7-13 (30 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Luka 7-9 (10 min.)
No. 1: Luka 7:18-35 (4 min. alo made o)
No. 2: Dukɔ Yeye Kae Wodzi Le Pentekosteŋkekea Dzi, Eye Kple Tameɖoɖo Ka?—Gal. 6:16; 1 Pet. 2:9 (5 min.)
No. 3: Afi Kae Kain Kpɔ Srɔ̃ Le Ðe?—w10 9/1 axa 25, esia xɔ ɖe numeɖeɖe si le rs-E axa 301 mm. 5–axa 302 mm. 1 la teƒe (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Ale Si Míana Magazineawo Le April Me. Numedzodzro. Zã sɛkɛnd 30 va se ɖe 60 nàtsɔ agblɔ nu si tae magazineawo ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me ɖo. Ema megbe la, kpe nyaselawo ne woagblɔ nya siwo míate ŋu abia atsɔ anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme ɖe Gbetakpɔxɔ la ƒe nyati siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la ŋu, eye eyome nàbia wo be mawunyakpukpui kae míate ŋu axlẽ hã. Wɔ nenema ke le Nyɔ! la hã gome, eye ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, gawɔ nenema ke le magazineawo me nyati bubu aɖe hã ŋu. Na woawɔ ale si míate ŋu ana magazineawo la ƒe wɔwɔfiawo.
10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
10 min: Zã 2013 Yearbook La Nyuie. Numedzodzro. Dzro “Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ” me. Wɔ ɖoɖo do ŋgɔ be nɔvi aɖewo nagblɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname aɖewo tso Ƒegbalẽa me. Kpe nyaselawo woaƒo nu tso xexea me katã ƒe akɔntabubua ƒe akpa ɖedzesiwo ŋu. De dzi ƒo na nɔviwo katã be woaxlẽ Ƒegbalẽ la awu enu nàtsɔ aƒo etae.
Hadzidzi 75 Kple Gbedodoɖa