October 7 Ƒe Kwasiɖa
OCTOBER 7 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 92 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
jr ta 15 mm. 1-6, aɖaka si le axa 184 (30 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Efesotɔwo 1-6 (10 min.)
No. 1: Efesotɔwo 4:1-16 (4 min. alo made o)
No. 2: Nu Kae Wòfia Be Míadi Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Gbã?—Mat. 6:33 (5 min.)
No. 3: Nyateƒee Wònye Be Subɔsubɔha Ðe Sia Ðe Nyoa?—rs-E axa 323 mm. 3-5; +w12 5/1 axa 16 mm. 1 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Ale Si Míana Magazineawo Le October Me. Numedzodzro. Zã sɛkɛnd 30 va se ɖe 60 nàtsɔ agblɔ nu si tae magazineawo ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me ɖo. Ema megbe kpe nyaselawo woagblɔ nya siwo míate ŋu abia atsɔ anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme ɖe Gbetakpɔxɔ la ƒe nyati siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la ŋu. Eyome bia wo be mawunyakpukpui kae míate ŋu axlẽ hã. Wɔ nenema ke le Nyɔ! la gome, eye ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, gawɔ nenema ke le magazineawo me nyati bubu aɖe hã ŋu. Na woawɔ wɔwɔfia eve: ale si míate ŋu ana Gbetakpɔxɔ la, kple ale si míate ŋu ana Nyɔ! la.
10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
10 min: Ame Siwo Le Dɔ Wɔm Sesĩe. (1 Tes. 5:12, 13) Bia gbe hamemetsitsi eve. Hamea me gbanɔamedzi kple teokrasigbanɔamedzi bubu kawoe le wo si? Aleke wowɔ te ŋu le wo gbɔ kpɔm tsɔ kpe ɖe woƒe ŋutilãmedɔwo kple ƒomegbanɔamedziwo ŋu? Aleke wotsɔa subɔsubɔdɔa ɖoa nɔƒe gbãtɔ? Aleke woƒe ƒomea me tɔwo kpea asi ɖe wo ŋui?
Hadzidzi 123 Kple Gbedodoɖa