October 28 Ƒe Kwasiɖa
OCTOBER 28 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 31 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
jl axa 3 kple Nusɔsrɔ̃ 1-2 (30 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: 1 Timoteo 1–2 Timoteo 4 (10 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto (20 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: “Nu Kae Nàwɔ Le Azãɖugbewo?” Nuƒo. Eyome na woawɔ ale si míate ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le Memleɖa gbãtɔ dzi le November me la ƒe wɔwɔfia. De dzi ƒo na nɔviawo katã be woakpɔ gome le eme.
10 min: Kpe Ðe Amewo Ŋu Woakpɔ Nya Nyuia Ƒe Vevienyenye. Numedzodzro si wotu ɖe Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 159 dzi. Na woazã nya si me amewo tsɔa ɖe le le miaƒe nutoa me atsɔ awɔ ale si míana Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa la ƒe wɔwɔfia.
10 min: Nu Si Tae Wòle Vevie Be Míanɔ Game Dzi. Numedzodzro. (1) Aleke Yehowa ɖo gamedzinɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi? (Hab. 2:3) (2) Aleke kpekpeawo kple gbeadzi dede ɖe game dzi ɖenɛ fiana be míedea bubu Yehowa ŋu hebua mía nɔviwo ŋu? (3) Ne míetsi megbe na kpekpe hena gbeadziyiyi la, aleke esia ɖea fu na gbeadziƒuƒoƒoa kple edzikpɔla siaa? (4) Ne míeɖo game aɖe koŋ na ɖetsɔlemetɔ alo míaƒe Biblia nusrɔ̃vi la, nu ka tae wòle be míawɔ ɖe edzi? (Mat. 5:37) (5) Afɔɖeɖe ŋutɔŋutɔ kawoe akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe game si míeɖo na amewo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me dzi ahade hame ƒe kpekpewo ɖe game dzi?
Hadzidzi 69 Kple Gbedodoɖa