March 31 Ƒe Kwasiɖa
MARCH 31 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 105 Kple Gbedodoɖa
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
cl ta 5 mm. 1-8 (30 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: 2 Mose 1-6 (10 min.)
No. 1: 2 Mose 2:1-14 (4 min. alo made o)
No. 2: Aleke Nàwɔ Ase Biblia Me Nyawo Gɔme?—fg nusɔsrɔ̃ 3 nyabiase 4 (5 min.)
No. 3: Mawudɔlawo Nye Mawu Ƒe Subɔlawo—ol nusɔsrɔ̃ 3 mm. 15-17 (5 min.)
Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: “Wɔ Magazine Xoxowo Ŋu Dɔ Nyuie.” Numedzodzro. Na hamea nanya magazine xoxo siwo li siwo gbeƒãɖelawo ate ŋu axɔ atsɔ ayi gbeadzi. Kpe nyaselawo ne woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si esi wona magazine xoxowo. Hafi nàƒo wò dɔa ta la, kpe subɔsubɔdɔdzikpɔlaa wòagblɔ ŋgɔyiyi si wɔm hamea le le Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviawo mama me.
10 min: Èɖo Ŋku Wo Dzia? Hamemetsitsi ƒe nuƒo. Dzro Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyati si nye: “Ŋɔŋlɔawo Ƒe Nukpɔsusu Ku Ðe Kunuwɔwɔ Ŋu Me Léle Ðe Asi—Akpa 4” me. (km-Gh 9/08) Zã ŋɔŋlɔawo nàtsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi, eye nàgblɔ ale si miate ŋu awɔ eŋu dɔe.
10 min: Nu Kae Míesrɔ̃? Numedzodzro. Na woaxlẽ Mateo 28:20 kple 2 Timoteo 4:17. Midzro ale si mawunyakpukpui siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la me.
Hadzidzi 135 Kple Gbedodoɖa