Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le March kple April me: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. May kple June: Mina Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? alo trakt siwo gbɔna dometɔ ɖe sia ɖe: Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye? (T-30), Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme? (T-31), Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Ƒomea Me? (T-32), Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum? (T-33), Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia? (T-34).
◼ Míawɔ Ŋkuɖodzia le Dzoɖa, April 14, 2014 dzi. Ne miaƒe hamea wɔa kpekpe le Dzoɖagbe la, ele be miatrɔ kpekpea ayi ɖe gbe bubu gbe le kwasiɖaa me nenye be Fiaɖuƒe Akpataa ŋu avo. Ne esia manya wɔ o la, ekema hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla ate ŋu atsɔ Subɔsubɔ Kpekpea ƒe akpa siwo aɖe vi na miaƒe hamea etɔxɛ la ade Subɔsubɔ Kpekpe bubu si miawɔ le ɣletia me la me.
◼ Dutoƒonuƒo si nutome sue dzikpɔla aƒo le ƒe 2014 subɔsubɔƒea ƒe ɣleti ade mamlɛawo me ƒe tanyae nye, “Ðeɖekpɔkpɔ Tso Xexea Ƒe Xaxawo Me.”