April 7 Ƒe Kwasiɖa
APRIL 7 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 15 Kple Gbedodoɖa
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
cl ta 5 mm. 9-17 (30 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: 2 Mose 7-10 (10 min.)
No. 1: 2 Mose 9:20-35 (4 min. alo made o)
No. 2: Aleke Yesu Ƒe Agbe Dze Egɔmee?—fg nusɔsrɔ̃ 4 nyabiase 1 (5 min.)
No. 3: Satana, Mawu Ƒe Futɔ—ol nusɔsrɔ̃ 3 mm. 18-19 (5 min.)
Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Na Magazinewo Le April Me. Numedzodzro. Na woazã kpɔɖeŋudzeɖonya eve siwo le axa sia atsɔ awɔ ale si míate ŋu ana Nyɔ! la kple Gbetakpɔxɔa ƒe wɔwɔfiawo nàtsɔ adze wò dɔa gɔmee. Eyome midzro kpɔɖeŋudzeɖonya ɖe sia ɖe me tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu. Azɔ de dzi ƒo na gbeƒãɖelawo katã be woaxlẽ magazineawo anya wo me nyawo nyuie eye woana wo dzonɔamemetɔe nàtsɔ aƒo wò dɔa tae.
10 min: Migaŋlɔ Amedzrowɔwɔ Be O. (Heb. 13:1, 2) Hamemetsitsi ƒe nuƒo. Ƒo nu tso ɖoɖo siwo miewɔ ɖe Ŋkuɖodzia ŋu la ŋu. Gblɔ mɔ aɖewo siwo dzi ame sia ame ate ŋu ato axɔ amedzrowo kple gbeƒãɖela siwo dzudzɔ gbeadzidede siwo ava la nyuie. Na woawɔ wɔwɔfia kpui aɖe si le akpa eve me. Le gbãtɔa me la, gbeƒãɖelaa le wòezɔ dom na ame si wona amekpegbalẽviae le dɔ tɔxɛa wɔɣi eye wòva wɔnaa wɔƒe la do ŋgɔ na kpekpea gɔme dzedze. Eye le evelia me la, gbeƒãɖelaa le ɖoɖo wɔm kple amedzroa le kpakpã vɔ megbe be wòayi aɖatu eƒe ɖetsɔlemea ɖo.
10 min: Ŋgɔyiyi Kae Míewɔ? Numedzodzro. Kpe gbeƒãɖelawo ne woagblɔ ale si aɖaŋu siwo woɖo le nyati si nye “Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Dzeɖonyanutsinyawo Ŋu Ðoɖo,” me la dzi wɔwɔ ɖe vi na woe. Na woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ nyui siwo su wo si ku ɖe eŋu.
Hadzidzi 20 Kple Gbedodoɖa