November 10 Ƒe Kwasiɖa
NOVEMBER 10 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 99 Kple Gbedodoɖa
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
cl ta 15 mm. 20-23, aɖaka si le axa 157 (30 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: 5 Mose 19-22 (10 min.)
No. 1: 5 Mose 22:20-30 (4 min. alo made o)
No. 2: Dzilawo, Aleke Miawɔ Be Mia Viwo Nakpɔ Dzidzɔ?—fg nusɔsrɔ̃ 9 nyabiase 5 (5 min.)
No. 3: Tsɔ Nu Siwo Nèzãna Le Alakpasubɔsubɔ Me Ƒu Gbe—ol nusɔsrɔ̃ 8 mm. 5-8 kple aɖaka si le axa 28 (5 min.)
Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Bia Gbe Subɔsubɔdɔdzikpɔla. Nu kawoe wò dɔa bia? Ne èle gbeadziƒuƒoƒo aɖe srãm kpɔ la, taɖodzinu ka gbɔe nèdzea agbagba be yeaɖo? Nu kae ƒuƒoƒoa me tɔwo ate ŋu awɔ be wò sasrãkpɔa naɖe vi geɖe wu na wo? Aleke nèkpena ɖe gbeƒãɖela siwo te ɖe ŋuwò be nàkpe ɖe yewo ŋu le subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe me la ŋui?
20 min: “Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ðetsɔtsɔ Le Eme Na Amewo.” Numedzodzro. Ne miedzro nyatia me vɔ la, na woawɔ wɔwɔfia si le akpa eve me. Gbã la, na gbeƒãɖela aɖe nawɔ agbalẽ si míana le ɣletia me ƒe wɔwɔfia si me maɖe ɖetsɔleme afia le o. Azɔ woagawɔ wɔwɔfia la ake, gake fifia ya gbeƒãɖelaa naɖee afia be yetsɔ ɖe le eme.
Hadzidzi 84 Kple Gbedodoɖa