December 8 Ƒe Kwasiɖa
DECEMBER 8 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 6 Kple Gbedodoɖa
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
cl ta 17 mm. 1-8 (30 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Yosua 1-5 (10 min.)
No. 1: Yosua 1:1-18 (4 min. alo made o)
No. 2: Kristotɔ Vavãwo Ðea Gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea—fg nusɔsrɔ̃ 10 nyabiase 3 mm. 3 (5 min.)
No. 3: Ame Dzɔdzɔewo Anyi Anyigba La Ƒe Dome—ol nusɔsrɔ̃ 9 mm. 9-11 (5 min.)
Subɔsubɔ Kpekpe:
Ɣletia Ƒe Nyati: He “nu nyuiwo” ɖe go tso nu nyui dzraɖoƒe si wona mí la me.—Mat. 12:35a.
10 min: “Nu Nyui” Siwo Woahe Ðe Go Na Mí Le Ɣleti Sia Me. Nuƒo. He susu yi ɣletia ƒe nyatia dzi. (Mat. 12:35a) Míexɔ gbɔgbɔmekesinɔnuwo tso ame si fia nyateƒea mí la gbɔ. (Kpɔ Gbetakpɔxɔ, April 1, 2002, axa 16, mm. 5-7.) Ele be míawo hã míana “nu nyui” siwo le mía si la ame bubuwo. (Gal. 6:6) Gblɔ nya siwo ana nɔviwo nanɔ mɔ kpɔm vevie na “nu nyui” siwo me míadzro le Subɔsubɔ Kpekpeawo me le ɣleti sia me. Woakpe ɖe mía ŋu míatu míaƒe nufiafiaŋutetewo ɖo eye míadzro ale si míasrɔ̃ ha yeyewo hã me.
20 min: “Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa Nàtsɔ Afia Amewo Ale Si Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e.” Numedzodzro. Na gbeƒãɖela bibi alo mɔɖela aɖe nazã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa atsɔ awɔ ale si míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e ƒe wɔwɔfia.
Hadzidzi 96 Kple Gbedodoɖa