NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YEREMIYA 5-7
Wodzudzɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Yeremiya ʋu go Israel-viwo ƒe nu vɔ̃wo kple alakpanuwɔwɔwo vɔvɔ̃manɔmee
Israel-viwo bua gbedoxɔa be ele abe gbesa si akpɔ yewo ta ene
Yehowa na Israel-viwo nya be vɔ siwo wosana wònye kɔnu dzro ko la matsyɔ woƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo dzi o
Bu nya sia ŋu kpɔ: Aleke mawɔ anya ne ale si mesubɔa Yehowa la wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu ke menye kɔnu dzro aɖe ko o?
Yeremiya tɔ ɖe Yehowa ƒe aƒea ƒe agbo nu