INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yc nusɔsrɔ̃ 9 axa 20-21
  • Yeremiya Medzudzɔ Yehowa Ƒe Nya Gbɔgblɔ Na Amewo O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yeremiya Medzudzɔ Yehowa Ƒe Nya Gbɔgblɔ Na Amewo O
  • Fia Nu Viwòwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Dɔ Yeremiya Be Wòaɖe Gbeƒã
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • “Metsɔ Nye Nyawo Le Nuwò Dem”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • “Nyemate Ŋu Azi Ðoɖoe O”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • “Nàgblɔ Nya Sia Na Wo”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
Kpɔ Bubuwo
Fia Nu Viwòwo
yc nusɔsrɔ̃ 9 axa 20-21

NUSƆSRƆ̃ 9

Yeremiya Medzudzɔ Yehowa Ƒe Nya Gbɔgblɔ Na Amewo O

Ŋutsu siwo do dziku vevie la ƒo xlã Yeremiya

Nu ka tae amewo do dziku ɖe Yeremiya ŋu?

Wole Yeremiya ɖem tso do globo aɖe si me ba le la me

Yehowa kpɔ Yeremiya ta

Ɣeaɖewoɣi ne míele Yehowa ƒe nya gblɔm na amewo la, wokoa mí alo wodoa dziku ɖe mía ŋu. Esia ate ŋu ana míadi be míadzudzɔ Mawu ƒe nya gbɔgblɔ na amewo. Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔa?​— Biblia ƒo nu tso ŋutsuvi aɖe si lɔ̃ Yehowa vevie gake esusɔ vie wòdzudzɔ Yehowa ƒe nya gbɔgblɔ na amewo la ŋu. Eŋkɔe nye Yeremiya. Na míasrɔ̃ nu tso eŋu.

Esi Yeremiya nye ŋutsuvi la, Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ na Israel-dukɔa be woadzudzɔ nu gbegblẽwo wɔwɔ. Nya la gbɔgblɔ sesẽ na Yeremiya ŋutɔ, eye vɔvɔ̃ ɖoe. Egblɔ na Yehowa be: ‘Nyemenya nya si magblɔ o. Ðevi ko menye.’ Gake Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Mègavɔ̃ o. Makpe ɖe ŋuwò.’

Esia wɔe be Yeremiya de asi gbɔgblɔ me na dukɔa be ne womedzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o la, woahe to na wo. Èsusu be dukɔ sia wɔ ɖe nya si Yeremiya gblɔ na wo la dzia?​— Ao. Wokoe eye wodo dziku ɖe eŋu vevie. Ame aɖewo di gɔ̃ hã be yewoawui! Aleke nèsusu be Yeremiya se le eɖokui me?​— Evɔ̃ eye wògblɔ be: ‘Nyemagaƒo nu tso Yehowa ŋu azɔ o.’ Gake ɖe wòdzudzɔ nyateƒea?​— Ao, medzudzɔ o. Elɔ̃ Yehowa vevie, eya ta medzudzɔ eƒe nyaa gbɔgblɔ na amewo o. Esi Yeremiya medzudzɔ Yehowa ƒe nya gbɔgblɔ na amewo o ta la, Yehowa kpe ɖe eŋu.

Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka la, ame vɔ̃ɖi aɖewo lé Yeremiya de do globo aɖe si me ba le la me. Nuɖuɖu alo tsi menɔ egbɔ o. Ame mawo di be yewoagblẽ Yeremiya ɖe doa me wòaku. Gake Yehowa kpe ɖe eŋu wòdo go le doa me!

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua me?​— Togbɔ be evɔ̃na ɣeaɖewoɣi hã la, medzudzɔ Yehowa ƒe nya gbɔgblɔ na amewo o. Ne ègblɔa Yehowa ƒe nya na amewo la, woako wò alo ado dziku ɖe ŋuwò. Ðewohĩ ŋu akpe wò alo vɔvɔ̃ aɖo wò. Gake mègadzudzɔ Yehowa ƒe nya gbɔgblɔ na amewo gbeɖe o. Yehowa akpe ɖe ŋuwò ɣesiaɣi abe ale si ko wòkpe ɖe Yeremiya ŋu ene.

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME

  • Yeremiya 1:4-8; 20:7-9; 26:8-19, 24; 38:6-13

BIABIAWO:

  • Nu kae Yehowa gblɔ na Yeremiya be wòawɔ?

  • Nu kawoe wɔe be Yeremiya dzudzɔ Yehowa ƒe nya gbɔgblɔ na amewo kloe?

  • Aleke Yehowa kpe ɖe Yeremiya ŋui?

  • Nu kae nèsrɔ̃ tso Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe