TA ETƆ̃LIA
“Nàgblɔ Nya Sia Na Wo”
1. (a) Aleke Yesu kple Yeremiya ɖi wo nɔewoe? (b) Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ Yeremiya le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me?
YESU KRISTOE ɖo gbeƒãɖeɖe nya nyuia ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ ɖi na mí. Gake esi Yesu nɔ gbeƒã ɖem le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame aɖewo susu be nyagblɔɖila Yeremiyae. (Mat. 16:13, 14) Abe ale si ko wònɔ le Yesu gome ene la, Mawue dɔ Yeremiya hã wòɖe gbeƒã. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka Mawu gblɔ na Yeremiya be: “Nàgblɔ nya sia na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi.” (Yer. 13:12, 13; Yoh. 12:49) Azɔ hã, nɔnɔme siwo Yeremiya ɖe fia le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la ɖi Yesu tɔ.
2. Aleke nɔnɔme si me amewo le egbea sɔ kple Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yeremiya ƒe ɣeyiɣia me tɔe?
2 Ke hã, nɔvi aɖewo agblɔ be: ‘Vovototo le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kple Yeremiya tɔ dome. Mawu to edzi ƒo nu na Israel dukɔ si ɖe adzɔgbe xoxo, gake ame siwo menya Yehowa o ye míawo ya míeɖea gbeƒã na.’ Ele eme nenema ya. Gake le Yeremiya ƒe ɣeyiɣia me la, Yudatɔ akpa gãtɔ zu ame “tsibome manyanu” siwo trɔ le Mawu vavã la yome. (Xlẽ Yeremiya 5:20-22.) Ehiã be woatrɔ nɔnɔme be woasubɔ Yehowa wòadze eŋu. Nenema ko wòle egbea hã; ehiã be amewo nasrɔ̃ Yehowa vɔvɔ̃ ahatrɔ ɖe subɔsubɔ vavãtɔ ŋu, metsɔ le me be wonye Kristotɔwo xoxo o. Mina míadzro ale si Yeremiya ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ ana míasubɔ Mawu vavã la ahakpe ɖe amewo ŋui me.
‘YEHOWA TƆ ASI NU NAM’
3. Esi Yeremiya dze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme teti la, nu kae Yehowa wɔ nɛ, eye dɔ kae esia wɔ ɖe Yeremiya dzi?
3 Ðo ŋku edzi be esi Yeremiya dze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme teti koe Yehowa gblɔ nɛ be: “Afi sia afi, si maɖo wò ɖo la, nàyi, eye gbe, siwo katã made asiwò la, nàgblɔe. Mègavɔ̃ wo o, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!” (Yer. 1:7, 8) Azɔ Mawu wɔ dzesi aɖe fiae, si menɔ mɔ kpɔm na kura o. Yeremiya ŋutɔ gblɔ be: “Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwò dem. Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu.” (Yer. 1:9, 10) Tso gbe ma gbe la, Yeremiya nyae be yezu Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nyanuɖela.a Esi Yeremiya ka ɖe edzi be Mawu li kpli ye ta la, dzo ɖo eme ɖe subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ ŋu.—Yes. 6:5-8.
4. Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ kple dzonɔameme tɔxɛ ƒe kpɔɖeŋu kawoe nàte ŋu agblɔ?
4 Yehowa metɔa asi nu na esubɔla siwo li egbea dometɔ aɖeke ŋutɔŋutɔ o. Ke hã, etoa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi dea didi vevie wo me be woaɖe gbeƒã nya nyuia. Wo dometɔ geɖe tsɔa dzonɔameme wɔa dɔ siae. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye nɔvinyɔnu Maruja si le Spain. Ƒe 40 kple edzivɔe nye esia eƒe abɔwo kple afɔwo tu. Esi wònye azɔli mele eŋu ne wòaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me o ta la, ezãa gbeƒãɖeɖemɔnu bubuwo. Mɔnu siwo wòzãna dometɔ ɖekae nye lɛtaŋɔŋlɔ. Maruja gblɔa nyawo na vianyɔnuvi wòŋlɔna ɖe lɛtaa me. Le ɣleti ɖeka aɖe me la, woa kple via woɖo lɛta siwo wu 150 sɔŋ ɖe amewo; wode trakt ɖeka lɛtaawo dometɔ ɖe sia ɖe me. To esia dzi la, nya nyuia ɖo aƒe ɖe sia ɖe kloe me le kɔƒe aɖe si te ɖe wo ŋu me. Nɔvinyɔnu Maruja gblɔ na vianyɔnuvia be, “Ne míaƒe lɛtaawo dometɔ ɖeka ka ame aɖe si si dzi nyui le si la, Yehowa ana míakpɔ Biblia nusrɔ̃vi.” Nɔvinyɔnu sia ƒe hamemetsitsiwo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Medaa akpe na Yehowa be nɔvinyɔnuwo abe Maruja ene le mía si, siwo doa vevie nu hefiaa nu amewo be woade asixɔxɔ nu siwo le vevie ŋu.”
5. (a) Togbɔ be amewo metsɔ ɖeke le Yeremiya ƒe nyawo me o hã la, aleke wòɖe dzonɔameme fiae? (b) Aleke nàwɔ be dzo nanɔ mewò ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu?
5 Le Yeremiya ŋɔli la, tadedeagu vavãtɔ “ƒe nu menyoa” Yerusalem nɔla akpa gãtɔ ŋu o. Ðe nyagblɔɖilaa dzudzɔ gbeƒãɖeɖe le ameawo ƒe ɖekematsɔleme ta? Ao. Yeremiya gblɔ be: “Yehowa ƒe dɔmedzoe yɔm fũ, eye eléle ɖe dɔ me tim.” (Yer. 6:10, 11) Aleke nàwɔ be dzo nanɔ mewò abe Yeremiya ene? Nu siwo nàwɔ dometɔ ɖekae nye be nàde ŋugble tso mɔnukpɔkpɔ si gbegbe wònye be nànye Mawu vavã la teƒenɔla ŋu. Ènya nyuie be ame xɔŋkɔ siwo le xexe sia me do vlo Mawu ƒe ŋkɔ. Bu ale si subɔsubɔhakplɔlawo le amewo blem le wò nutoa mee hã ŋu kpɔ; ɖeko wòle abe ale si nunɔlawo wɔe le Yeremiya ŋɔli ene. (Xlẽ Yeremiya 2:8, 26, 27.) Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyui si nèɖea gbeƒãe ya nye kpeɖodzi be Mawu lɔ̃ ameƒomea. (Kony. 3:31, 32) Ŋugbledede tso nya siawo ŋu akpe ɖe ŋuwò godoo be dzo nanɔ mewò nàɖe gbeƒã nya nyuia ahakpe ɖe ame fatuwo ŋu.
6. Nɔnɔme sesẽ kawo mee Yeremiya to?
6 Àlɔ̃ ɖe edzi be subɔsubɔdɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Yeremiya hã do go kplamatsɛdonu sesẽwo le Yehowa subɔsubɔ me, siwo dometɔ ɖekae nye aʋatsonyagblɔɖilawo. Àte ŋu axlẽ esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka le Yeremiya ta 28 lia. Ame akpa gãtɔ gbe toɖoɖo Yeremiya, eye esia na wòsena le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be yetsi akogo. (Yer. 6:16, 17; 15:17) Gbe ɖeka la, futɔwo di be yewoawui gɔ̃ hã.—Yer. 26:11.
Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàɖu kplamatsɛdonuwo dzi le gbeƒãɖeɖedɔa me?
“YEHOWA, ÈƑO NYA ÐE NUNYE”
7, 8. Gɔmesese nyui ka nue Mawu “ƒo nya ɖe” Yeremiya nu le?
7 Ɣeaɖeɣi esi wonɔ fewu ɖum le Yeremiya ŋu henɔ edzum gbe sia gbe la, egblɔ eƒe seselelãmewo na Mawu. Gɔmesese ka nue Yehowa “ƒo nya ɖe” eƒe nyagblɔɖilaa nu le, abe ale si wòdze le Yeremiya 20:7, 8 ene?—Xlẽe.
8 Gɔmesese nyui aɖe nue Mawu “ƒo nya ɖe” Yeremiya nu le. Yeremiya se le eɖokui me be tsitretsiɖeŋua nu sẽ akpa, eye yemagate ŋu ayi dɔ si Mawu de ye si la dzi o. Gake Ŋusẽkatãtɔ la kpe ɖe eŋu wòyi dɔa dzi. Eya ta míate ŋu agblɔ be Yehowa ƒe ŋusẽ kpe Yeremiya kple eƒe seselelãmewo dzi. Esi nu ti kɔ na Mawu ƒe ame Yeremiya wòsusui be wɔna vɔ le ye ŋu la, Yehowa ƒo nya ɖe enu le gɔmesesea nu be edo ŋusẽe wòyi dɔa dzi. Mawu ƒe ŋusẽ lé nyagblɔɖilaa ɖe te esi wògbɔdzɔ. Esia wɔe be Yeremiya te ŋu nɔ te ɖe ɖekematsɔleme, fuléle, kple ŋutasẽse kura gɔ̃ hã nu eye wòyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi.
9. Nu ka tae Yeremiya 20:11 me nyawo ate ŋu ado ŋusẽ wò?
9 Yehowa nɔ ko abe “kalẽtɔ sesẽ” aɖe ene le Yeremiya xa eye wòna kpekpeɖeŋui. (Yer. 20:11) Mawu ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò dzo nànɔ mewò ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu be nàyi edzi togbɔ be àdo go kuxi sesẽwo hã. Abe ale si Biblia gɔmeɖeɖe bubu gblɔe ene la, Yehowa anye “aʋawɔla kalẽtɔ” le xawò.—Agbenya La.
10. Nu kae nèɖo be yeawɔ ne èdo go tsitretsiɖeŋu?
10 Apostolo Paulo te gbe ɖe nya sia dzi esi wònɔ dzi dem ƒo na nɔvi Kristotɔ siwo nɔ tsitretsiɖeŋu me tom. Egblɔ be: “Ðeko minɔ agbe ale si dze Kristo la ƒe nya nyui la, be . . . mase . . . be miele tsitre sesĩe le gbɔgbɔ ɖeka me, hetsɔ luʋɔ ɖeka le nya nyui la ƒe xɔse la ta ʋlim aduadu, eye be miele ame siwo le tsitre tsim ɖe mia ŋu la ƒe ŋɔdzidodo vɔ̃m le go aɖeke me o.” (Flp. 1:27, 28) Abe Yeremiya kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene la, wò hã àte ŋu aziɔ ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu le wò subɔsubɔdɔa me, eye ele be nàwɔe nenema hã. Ne amewo dzu wò alo ɖu fewu le ŋuwò la, ɖo ŋkui be Yehowa le xawò be yeado ŋusẽ wò. Edo ŋusẽ Yeremiya kple mía nɔvi geɖewo; ado ŋusẽ wò hã. Ƒo koko nɛ be wòakpe ɖe ŋuwò, eye nàka ɖe edzi be aɖo wò gbedodoɖawo ŋu. Ne Mawu do ŋusẽ wò nènɔ te ɖe kplamatsɛdonuwo nu dzidzedzetɔe, vevietɔ ne èɖee fia be dzi le ye ƒo eye mèvɔ̃ o la, wò hã àva kpɔe emegbe be Mawu “ƒo nya ɖe” ye nu. Ɛ̃, àte ŋu awɔ geɖe wu ale si nèsusui gɔ̃ hã.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 4:29-31.
11, 12. (a) Asitɔtrɔ kae wòahiã be nàwɔ be nàke ɖe ame geɖe ŋu le wò gbeƒãɖeɖedɔa me? (b) Esi nèkpɔ foto si le axa 39 lia ɖe, nɔnɔme vovovo kawoe va susu me na wò, siwo me nàte ŋu aɖi ɖase le le wò nutoa me?
11 Yeremiya ƒe subɔsubɔdɔa ŋu nya xexlẽ akpe ɖe mía ŋu le mɔ geɖe nu be míanye nya nyuia ƒe gbeƒãɖela bibiwo. Esi wòsubɔ abe Yehowa ƒe nyagblɔɖila ene ƒe 20 kple edzivɔwo megbe la, egblɔ tso dukɔa ŋu be: “Meƒo nu kpli mi ɖaa atraɖi. [Mefɔna ŋdi kanya heƒoa nu na mi]; ke mieɖo to o.” (Yer. 25:3) Ɛ̃, efɔna kaba dzea dɔa gɔme. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋu sia me? Le hame geɖe me la, gbeƒãɖelawo fɔna kaba ɖea gbeƒã na amewo le ʋutɔɖoƒewo kple ketekedzeƒewo. Le kɔƒeduwo me la, nɔvi geɖe fɔna kaba ɖea gbeƒã na agbledelawo kple ame bubu siwo wodoa goe ŋdi kanya. Mɔ bubu kawo nue nàte ŋu asrɔ̃ ale si Yeremiya wɔ subɔsubɔdɔa anukwareɖiɖitɔe le? Ðe nàte ŋu afɔ kaba be nàkpɔ gome le kpekpe si woawɔ na gbeadziyiyi mea?
12 Azɔ hã, gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me le ŋdɔ kple fiẽsiwo me hã ɖea vi ŋutɔ le nuto aɖewo me. Nɔvi aɖewo ɖea gbeƒã le zã me gɔ̃ hã, le mɔmemidzraƒewo kple teƒe bubu siwo amewo wɔa dɔ le zã me. Àte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowɔɖi ŋu be nàɖe gbeƒã le ɣeyiɣi siwo me nàke ɖe amewo ŋu le aƒe me alo teƒe bubuwoa?
Nu kae na nèka ɖe edzi be Yehowa le megbe na wò esi nèle gbeƒã ɖem eƒe nya nyuia?
13, 14. (a) Tɔtrɔyiwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu kae Yeremiya ɖo? (b) Nu ka tae wòle vevie be nànye ame si dzi wokana ɖo le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me?
13 Gbe ɖeka la, Yehowa gblɔ na Yeremiya be wòatsi tre ɖe gbedoxɔa alo Yerusalem dua ƒe agbo nu ne wòaɖe gbeƒã yeƒe nya. (Yer. 7:2; 17:19, 20) Ne Yeremiya ɖe gbeƒã le dugboa nu la, Yehowa ƒe nyaa aɖo ame geɖe gbɔ. Azɔ hã, esi wònye ame ŋkutawo, asitsala mɔzɔlawo, kple dɔwɔla bubuwo va toa agboa nu edziedzi ta la, Yeremiya anya ɖe gbeƒã na wo dometɔ aɖewo zi geɖe ahadze agbagba be yeakpe ɖe wo ŋu woase nya siwo yegblɔ na wo va yi la gɔme. Nusɔsrɔ̃ kae le esia me na mí tso tɔtrɔ yi ame siwo tsɔ ɖe le eme gbɔ ŋu?
14 Yeremiya nya be amewo ƒe agbekpɔkpɔ nɔ te ɖe dɔ si wɔm yele abe Mawu ƒe nyagblɔɖila ene dzi. Gbe ɖeka esi eya ŋutɔ mate ŋu ayi aɖaɖe gbeƒã na ameawo o la, edɔ exɔlɔ̃ Barux be wòayi ɖe ye teƒe. (Xlẽ Yeremiya 36:5-8.) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yeremiya gbɔ le go sia me? Ne míedo ŋugbe na ame aɖe le gbeadzi be míatrɔ ava ɖe, ɖe míewɔna ɖe edzia? Ne míeɖo game na ɖetsɔlemetɔ alo Biblia nusrɔ̃vi aɖe, gake nɔnɔmeawo meɖe mɔ na mí be míayi o la, ɖe míewɔa ɖoɖo be ame bubu nayi ɖe mía teƒea? Yesu gblɔ be: “Mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃.” (Mat. 5:37) Ele vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe míaƒe nyawo dzi, elabena Mawu nyateƒetɔ kple ame si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu teƒenɔlawoe míenye.—1 Kor. 14:33, 40.
15, 16. (a) Aleke nɔvi geɖe le Yeremiya ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me? (b) Nu kae nèsrɔ̃ le nuteƒekpɔkpɔ si dzɔ le Chile, si ƒe foto dze le axa 40 lia me?
15 Yeremiya ŋlɔ agbalẽ tso “ŋugbe nyui” si Yehowa do be yeagbugbɔ dua aɖɔ ɖo la ŋu ɖo ɖe Yudatɔwo le Babilon tsɔ de dzi ƒo na wo. (Yer. 29:1-4, 10) Egbea hã, míate ŋu ato lɛta alo telefon dzi ana amewo nase “ŋugbe nyui” siwo Yehowa do, siwo ava eme kpuie la ŋu nya. Ðe nàte ŋu azã mɔnu siawo atsɔ akpe ɖe wò ƒometɔwo kple ame siwo le didiƒe, alo ame siwo gbɔ ɖoɖo sesẽ, la ŋua?
Ðe nàtrɔ asi le wò ɖoɖowɔɖi kple ɖaseɖiɖimɔnuwo ŋu be nàte ŋu aɖe gbeƒã na ame geɖea?
16 Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo srɔ̃a kpɔɖeŋu si Yeremiya ɖo le subɔsubɔdɔa wɔwɔ bliboe me la te ŋu kpena ɖe ame geɖe ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe si le Chile la ɖe gbeƒã na nyɔnu aɖe le ketekedzeƒe. Dzi dzɔ nyɔnua ŋutɔ eye wòlɔ̃ be woava srɔ̃ nu kpli ye le yeƒe aƒe me. Gake mía nɔvinyɔnua ɖe ŋu ɖi mexɔ nyɔnua ƒe adrɛs hafi dzo o. Emegbe esi nɔvinyɔnua ɖo ŋku edzi be ele vevie be yeatu nyɔnua ƒe ɖetsɔleme ɖo la, edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, nɔvinyɔnua trɔ yi ketekedzeƒea le gaƒoƒo si tututu dzi wòdo go nyɔnua va yi la dzi. Nukutɔe la, egado goe ake. Fifia ya la, exɔ eƒe adrɛs eye emegbe wòyi nyɔnua ƒe aƒe me be yeakpe ɖe eŋu wòase Ŋɔŋlɔawo gɔme. Eteƒe madidi o, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava Satana ƒe xexea dzi. Gake mɔkpɔkpɔ li na ame siwo atrɔ dzi me ahaxɔ nya nyuia dzi ase. (Xlẽ Konyifahawo 3:31-33.) Eya ta mina míawɔ dɔ le míaƒe anyigbamamawo me nyuie wòaɖee afia be ʋɔnudrɔ̃ŋkekea le susu me na mí.
Ðe nèdzea agbagba tua ame siwo nèɖea gbeƒã na ƒe ɖetsɔleme ɖoa?
“ÐEWOHĨ WOASEE, EYE AME SIA AME ATRƆ”
17. Aleke nàte ŋu awɔ nu abe Yeremiya ene le wò anyigbamama me?
17 Yehowa medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o. Esi wòsusɔ abe ƒe ewo ene woatsrɔ̃ Yerusalem la, Yehowa to Yeremiya dzi gblɔ dzideƒonya aɖe na ame siwo wokplɔ yi aboyo me le Babilon. Egblɔ be: “Matsɔ nye ŋku aɖo wo ŋu hena nyuiwɔwɔ, eye mana woatrɔ agbɔ va anyigba sia dzi, matu wo, eye nyemagbã wo o, mado wo, eye nyemaho wo o.” Yeremiya gblɔ na ame siawo be: “Mɔkpɔkpɔ le wò ŋkeke, siwo gbɔna la ŋu.” (Yer. 24:6; 26:3; 31:17) Yeremiya bu ameawo abe ale si Mawu bu woe ene. Etsɔ ɖe le eme na wo ŋutɔŋutɔ eye wògblɔ Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenya sia na wo be: “Mia dome ame sia ame netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, miɖɔ miaƒe nuwɔnawo ɖo.” (Yer. 35:15) Mɔ bubu kawo dzie nèsusu be yeate ŋu ato aɖe ɖetsɔleme afia amewo le wò anyigbamama me?
18, 19. (a) Nɔnɔme kae wòle be míaƒo asa na esi míele gbeƒã ɖem nya nyuia? (b) Yeremiya ƒe nɔnɔme kae wòle be míasrɔ̃?
18 Yeremiya ƒe lɔlɔ̃ na amewo nu metsi o. Esi wotsrɔ̃ Yerusalem la, eyi edzi se veve ɖe wo nu. (Xlẽ Konyifahawo 2:11.) Togbɔ be nu si Yudatɔawo ŋutɔ ƒãe woŋe hã la, Yeremiya megblɔ be, ‘Ahã, megblɔe na mie’ o. Ke boŋ nu si dzɔ ɖe wo dzi la wɔ nublanui nɛ ŋutɔ. Abe Yeremiya ene la, mele be míawɔ subɔsubɔdɔa le esi wònye míaƒe dɔdeasi ta ko o, ke boŋ ele be ame siwo mese nya nyuia haɖe o ƒe nu nawɔ nublanui na mí. Ne míelɔ̃ Mawu kple mía havi amegbetɔ siwo wòwɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu vavã la, esia aʋã mí míaɖe gbeƒã na wo.
Ðe amewo kpɔnɛ le ŋuwò be ètsɔ ɖe le eme na yewoa?
19 Mɔnukpɔkpɔ alo ɖoƒe aɖeke mele xexe sia me de ɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ abe Mawu vavã la teƒenɔla ene nu o. Aleae Yeremiya se le eɖokui me, si na wògblɔ be: “Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zebaot.” (Yer. 15:16) Ame geɖewo ate ŋu ato nya nyui si míeɖea gbeƒãe dzi anya woƒe Agbenala la ahalɔ̃e. Eya ta mina lɔlɔ̃ naʋã mí míawɔ subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe abe ale si Yeremiya wɔe ene.
Le kpɔɖeŋu nyui si Yeremiya ɖo sɔsrɔ̃ me la, mɔ bubu kawo dzie nàdi be yeato ana amewo nase “ŋugbe nyui” siwo Yehowa do?
a Abe ale si ko Yehowa wɔna zi geɖe ene la, mawudɔlae wòdɔ wòƒo nu kple Yeremiya wòdze abe eya ŋutɔe ƒo nu ene.—Ʋɔn. 13:15, 22; Gal. 3:19.