INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jr ta 15 axa 182-192
  • “Nyemate Ŋu Azi Ðoɖoe O”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nyemate Ŋu Azi Ðoɖoe O”
  • Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • YI EDZI NÀÐE GBEƑÃ NE AMEWO METSƆ ÐEKE LE EME O HÃ
  • TSITRETSIÐEŊULAWO MATE ŊU AGBLẼ NU LE MÍA ŊU ÐAA O
  • “MÈGAVƆ̃ O!”
  • MAWU LE NU ƑOM NA WÒ TO YEREMIYA DZI
  • “Nàgblɔ Nya Sia Na Wo”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • Ame Kawo Ƒomevie Nàdi Be Yeadze Xɔlɔ̃e?
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • “Mafa Dzi Na Luʋɔ Siwo Ŋu Nu Te”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • “Metsɔ Nye Nyawo Le Nuwò Dem”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
Kpɔ Bubuwo
Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
jr ta 15 axa 182-192

TA WUIATƆ̃LIA

“Nyemate Ŋu Azi Ðoɖoe O”

1. Nu ka tae Yeremiya kple Yehowa ƒe nyagblɔɖila bubuawo mezi ɖoɖoe o?

“MISE Yehowa ƒe nya!” Tso ƒe 647 D.M.Ŋ. mee nya siawo te ɖiɖi le Yerusalem kpɔdomeewo kple ablɔwo dzi. Ðoɖoe mezi le Mawu ƒe nyagblɔɖila la nu ɣeaɖekeɣi kpɔ o. Le ƒe 40 megbe esi wova tsrɔ̃ dua kura gɔ̃ hã la, eyi edzi gblɔ nuxlɔ̃amenya mawo. (Yer. 2:4; 42:15) Mawu Ŋusẽkatãtɔ la dɔ nyagblɔɖila geɖewo ɖe Yudatɔwo bene yeaka ɖe edzi be wose yeƒe nuxlɔ̃amenyawo ne woatrɔ dzi me. Abe ale si míekpɔe va yi le agbalẽ sia me ene la, Yeremiyae ɖe dzesi wu le Mawu ƒe amedɔdɔ siawo dome. Esi Mawu nɔ dɔ sia dem asi na Yeremiya la, egblɔ nɛ be: “Tso nàɖagblɔ nya, siwo katã made asiwò la, na wo. Womegadzi ŋɔ na wò o.” (Yer. 1:17) Dɔ sia mele bɔbɔe o. Yeremiya kpe fu hese veve, gake le dodokpɔ mawo katã me la, nane do ŋusẽe wòyi edzi wɔ dɔa. Egblɔ be: “Nye dzi dze agbo le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o.”—Yer. 4:19.

2, 3. (a) Mɔ ka nue Yesu ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃ Yeremiya le? (b) Nu ka tae wòle be nàsrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yeremiya ɖo ɖi?

2 Ale si Yeremiya wɔ eƒe nyagblɔɖidɔae la nye kpɔɖeŋu wòɖo ɖi na Yehowa subɔla siwo ava ɖe eyome. (Yak. 5:10) Ŋkeke ʋɛ aɖewo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbe la, Yudatɔwo ƒe amegãwo lé apostolo Petro kple Yohanes eye wode se na wo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Míeka ɖe edzi be èɖo ŋku ale si woɖo nya ŋui dzi. Wogblɔ be: “Míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo tso nu siwo míekpɔ hese la ŋu o.” (Dɔw. 4:19, 20) Esi wodo ŋɔdzi na wo be ne woke atsɛ gaɖe gbeƒã eye yewogalé wo ake la yewoatu nu kpli wo vevie vɔ la, woɖe asi le wo ŋu. Gake ŋutsu nuteƒewɔla mawo mate ŋu azi ɖoɖoe o, eye womezi ɖoɖoe hã o nyateƒe.

3 Ðe nède dzesii be Petro kple Yohanes ƒe dzinɔameƒonya siwo woŋlɔ ɖe Dɔwɔwɔwo 4:20 la ɖi Yeremiya tɔwoa? Abe Yehowa Mawu subɔla si le agbe le ŋkeke mamlɛ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ me ene la, ɖe wò hã mèɖoe kplikpaa be yeagblɔ be ‘yemate ŋu azi ɖoɖoe oa’? Mina míakpɔ ale si míawo hã míawɔ aɖe dzinɔameƒo afia abe Yeremiya ene, be míate ŋu ayi edzi aɖe gbeƒã nya nyuia togbɔ be nɔnɔmeawo le gbegblẽm ɖe edzi hã la ɖa.

YI EDZI NÀÐE GBEƑÃ NE AMEWO METSƆ ÐEKE LE EME O HÃ

4. Nɔnɔme kae amewo ɖe fia le blema Yerusalem?

4 Ðe mèka ɖe edzi be etsɔme nyui si ŋugbe Mawu do be ava le ye Vi ƒe dziɖuɖu te lae nye nya nyuitɔ kekeake si wòle be amewo nase oa? Gake egbea míesenɛ ame geɖe gblɔa nya siwo sɔ kple esi Yudatɔ aɖewo gblɔ na Yeremiya, be: “Nya, si nègblɔ na mí le Yehowa ƒe ŋkɔ me la, míele to ɖo ge wò o.” (Yer. 29:19; 44:16) Yeremiya se nya mawo zi geɖe. Yehowa subɔla siwo li egbea hã senɛ ame geɖe gblɔna be, “Nyemele nya ma dim mase o.” Amewo ƒe ɖekematsɔleme ate ŋu ana Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe dzonɔameme nu natsi. Ne aleae wòle le miaƒe anyigbamamaa me, si wɔe be hamea me tɔ aɖewo alo wò ŋutɔ wò dzonɔameme nu le tsitsim ɖe, nu kae nàwɔ?

5. (a) Aleke Yeremiya wɔ nui esi amewo metsɔ ɖeke le eƒe nyawo me o? (b) Nu ka tae ame siwo metsɔa ɖeke le nya nyuia me o ƒe agbe le afɔku gã aɖe me?

5 De ŋugble le ale si Yeremiya se le eɖokui me tso Yudatɔ akpa gãtɔ siwo gbe toɖoɖoe ŋu la ŋu kpɔ. Le Yeremiya ƒe nyagblɔɖidɔa ƒe gɔmedzeɣi la, Yehowa na wòkpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna dukɔa dzi la do ŋgɔ. (Xlẽ Yeremiya 4:23-26.) Nyagblɔɖila la de dzesii be ame akpeakpe mawo ƒe agbetsitsi nɔ te ɖe nya si yeagblɔ na wo la sese kple edziwɔwɔ dzi. Egbea hã, amewo ƒe agbe le afɔku me, ame siwo le wò anyigbamama me hã le eme. Yesu gblɔ tso “ŋkeke” si dzi Mawu ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava xexe vɔ̃ɖi sia dzi ŋu be: “Ava ame siwo katã le anyigba bliboa ŋkume la dzi. Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye minɔ kokoƒoƒo dzi ɖaasi, bene miate ŋu asi le nu siawo katã siwo adzɔ la nu, eye miate ŋu atsi tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋkume.” (Luka 21:34-36) Àte ŋu akpɔe le Yesu ƒe nya siawo me be ame siwo maɖo to nya nyuia o ƒe agbe le afɔku gã aɖe me.

[Nɔnɔmetata si le axa 184]
ÐEKEMATSƆLEMETƆWO ƑE NƆNƆME ATE ŊU ATRƆ

Nyɔnu aɖe si le New Zealand gblɔ be tsã la, yemelɔ̃na sea Ðasefowo ƒe nya gbeɖe o, gake fifia ya, yeƒe nɔnɔme trɔ. Aleke wòdzɔe? Kwasiɖa ma me la, woa kple srɔ̃a woyi srɔ̃a ƒe dɔwɔhati aɖe srɔ̃nyɔnu si nye Ðasefo ƒe kuteƒe. Nyɔnua de dzesii be kua teƒe valawo dometɔ geɖe te ɖe ahoa ŋu hegblɔ akɔfanyawo nɛ. Egblɔ hã be Biblia me numeɖeɖe nyui si wona tso tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu la dze to ŋutɔ.

Nyɔnua ɖe eme be dɔnɔdzikpɔla siwo kpɔa ame siwo le dɔlémafɔe lém ye yenaa hehee. Nu si teƒe wòkpɔ le kua teƒe ʋãe wòde dzi ƒo na eƒe sukuviwo be woawo hã woadze agbagba ade Yehowa Ðasefowo ƒe kuteƒe. Nu ka tae? Eʋu eme na Ðasefo si yi ɖaɖi ɖase nɛ le eƒe me la be, yena yeƒe sukuviawo nya be Yehowa Ðasefowo koe ɖea nɔnɔme si tututu me ame kukuwo le kple etsɔme nyui si li na wo la gɔme. Nyɔnua se le eɖokui me be dɔnɔdzikpɔlaawo ate ŋu azã nu eve mawo atsɔ ade dzi ƒo na woƒe dɔnɔwo.

Edze ƒãa be togbɔ be ame aɖewo mekpɔa dzidzɔ ɖe nyaa ŋu o hena ɣeyiɣi didi aɖe hã la, ema mefia be Yehowa mate ŋu ‘ana dzi si woatsɔ adze sii’ la wo o. (Yer. 24:7) Ame siwo metsɔa ɖeke le nyaa me le wò anyigbamama me o ƒe nɔnɔme ate ŋu atrɔ emegbe.

6. Nu ka tae wòle be nàyi edzi aɖe gbeƒã na ame siwo metsɔa ɖeke le nyaa me tututu o kura gɔ̃ hã?

6 Gake ame siwo tsɔa ɖe le Yehowa ƒe nya si míeɖea gbeƒãe me eye woɖoa toe henɔa agbe ɖe enu ya akpɔ yayra manyagblɔwo. Mawu ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míatsi agbe le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna me ahayi ɖe xexe yeyea me. Agbetsitsi ƒe mɔnukpɔkpɔ sia tɔgbie Yeremiya ƒe subɔsubɔdɔa hã ʋu ɖi na eŋɔlimetɔwo. Yudatɔ mawo ate ŋu atsi agbe hafi. (Xlẽ Yeremiya 26:2, 3.) Esi Yeremiya di vevie be yeakpe ɖe wo ŋu ta la, exlɔ̃ nu wo ƒe geɖe be woaɖo to Mawu vavã la ƒe nya, be ‘woasee eye woatrɔ.’ Míenya ame nenie ɖo to nyagblɔɖilaa ƒe nyawo, trɔ dzi me heɖɔ woƒe agbenɔnɔ ɖo ya o. Gake míeka ɖe edzi be ame aɖewo trɔ dzi me, abe ale si ko wòle egbea hã ene. Esi míeyi edzi le gbeƒã ɖem nya nyuia la, míesenɛ zi geɖe be ame siwo metsɔa ɖeke le nyaa me tsã o dometɔ aɖewo va xɔa nyateƒea. (Kpɔ aɖaka si nye “Ðekematsɔlemetɔwo Ƒe Nɔnɔme Ate Ŋu Atrɔ,” le axa 184.) Ðe esia menye susu vevi bubu si ta wòle be míayi edzi awɔ agbeɖeɖedɔ si nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia oa?

Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeaɖe gbeƒã nya nyuia ne amewo metsɔ ɖeke le eme o hã?

TSITRETSIÐEŊULAWO MATE ŊU AGBLẼ NU LE MÍA ŊU ÐAA O

7. Mɔ ka dzie Yeremiya ƒe futɔwo to be yewoatsi eƒe nyagblɔɖidɔa nu?

7 Nu ɖeka si ɖe dzesi le Yeremiya ƒe subɔsubɔdɔa ŋue nye ale si tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba zi geɖe be yewoagblẽ eya ŋutɔ kple eƒe dɔa siaa dome. Aʋatsonyagblɔɖilawo ƒo nu tsi tre ɖe eƒe nyawo ŋu le dutoƒo. (Yer. 14:13-16) Ne Yeremiya zɔ to Yerusalem kpɔdomeewo la, amewo dzunɛ heɖua fewu le eŋu. (Yer. 15:10) Eƒe futɔ aɖewo to mɔ bubuwo dzi ɖi gbɔe. (Yer. 18:18) Ame bubuwo hã gblɔ alɔmeɖenyawo tsɔ gblẽ eŋu kple susu be ame siwo si dzi nyui le la nagaɖo to Mawu ƒe nyateƒenya siwo wòɖea gbeƒãe la o. (Kony. 3:61, 62) Ðe esia na dzi ɖe le Yeremiya ƒoa? Gbeɖe, ke boŋ eyi edzi ɖe gbeƒã. Nu kae kpe ɖe eŋu?

8. Esi tsitretsiɖeŋulawo ƒe amedzidzedzewo nu sẽ ɖe edzi la, nu kae Yeremiya wɔ?

8 Aʋawɔnu vevitɔ si kpe ɖe Yeremiya ŋu wòte ŋu nɔ te ɖe tsitretsiɖeŋulawo katã nue nye eƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu. Mawu gblɔ nɛ le eƒe nyagblɔɖidɔa gɔmedzeɣi ke be yeado ŋusẽe ahakpɔ eta. (Xlẽ Yeremiya 1:18, 19.) Yeremiya ka ɖe ŋugbedodo ma dzi, eye Yehowa hã megblẽe ɖi o. Esi tsitretsiɖeŋulawo ƒe nyaƒoɖeamenu kple amedzidzedzea nu nɔ sesẽm la, Yeremiya hã na eƒe dzinɔameƒo kple dzidodo me sẽ ɖe edzi. Na míakpɔ ale si nɔnɔme nyui siawo kpe ɖe eŋui ɖa.

9, 10. Nu kawo mee Yeremiya to, si wòle be wòado ŋusẽ wò nàlé dzi ɖe ƒo?

9 Gbe ɖeka la, nunɔla kple nyagblɔɖila dzeaglãwo he Yeremiya yi Yuda-megãwo ŋkume be woaɖe mɔ woawui. Ðe woƒe ŋɔdzidodowo na be ɖoɖoe zi le Yeremiya nua? Ao. Yeremiya ɖo nya ŋu tsɔ klo nu le xɔsegbela mawo ƒe alakpanutsotsoawo dzi, eye esia kpɔ eƒe agbe ta.—Xlẽ Yeremiya 26:11-16; Luka 21:12-15.

10 Ðo ŋku edzi be esi gbedoxɔmemegã si woyɔna be Pasxur se Yeremiya ƒe gbedeasi sesẽa la, ena wobɔ pãe. Ðewohĩ Pasxur susui be ne yehe to na Yeremiya alea ko la, vɔvɔ̃ aɖoe wòazi ɖoɖoe azɔ. Eya ta esi ŋu ke la, Pasxur ɖe asi le eŋu. Togbɔ be funyafunya si wowɔ Yeremiya na wònɔ veve sem hã la, esi wonya ɖe asi le eŋu ko la, eyi Pasxur gbɔ tẽe ɖagblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava edzi la nɛ. Ɛ̃, funyafunya si wowɔ Yeremiya kura gɔ̃ hã mena ɖoɖoe zi le enu o. (Yer. 20:1-6) Nu ka tae? Yeremiya ŋutɔ gblɔ na mí be: “Yehowa, nye kalẽtɔ sesẽ, li kplim, eya ta yonyemetilawo adze anyi, eye woƒe alɔ made dzi o.” (Yer. 20:11) Vɔvɔ̃ meɖo Yeremiya le eyometila sẽŋutawo ŋkume kura o. Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Wò hã àte ŋu awɔe nenema.

11, 12. (a) Esi Xananya tsi tsitre ɖe Yeremiya ŋu la, aleke Yeremiya wɔ nu le nunya mee? (b) Vi kae wòaɖe ne ‘èɖua ɖokuiwò dzi le vɔ̃ me’?

11 Gake ele be wòanɔ susu me na mí be menye ame si dea eɖokui afɔku mee Yeremiya nye o. Ne wotsi tsitre ɖe eŋu la, ewɔa nu le nunya me. Enya ɣeyiɣi si me wòahiã be yeadzo le teƒe aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso nu si dzɔ ɖe woa kple Xananya dome ŋu kpɔ. Esi aʋatsonyagblɔɖila ma gblɔ le dutoƒo be alakpanya gblɔm Yeremiya le ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me la, Yeremiya ɖɔe ɖo, eye wògblɔ ale si amewo awɔ anya ame si nye nyagblɔɖila vavãtɔ. Yeremiya de kɔkuti kɔ wònye dzesi be dukɔa anɔ Babilontɔwo ƒe ŋusẽ te, gake Xananya do dziku heŋe kɔkutia. Ame aɖeke menya nu si Xananya ɖo be yeawɔ le esia yome o. Eya ta nu kae Yeremiya wɔ? Míexlẽe be: “Yeremya lé eƒe mɔ dzo.” Ɛ̃, Yeremiya dzo le teƒea. Emegbe, le Yehowa ƒe mɔfiafia nu la, etrɔ yi ɖagblɔ nu siwo Mawu ɖo be yeawɔ la na Xananya—be Babilon fia aɖe aboyo Yudatɔwo eye Xananya aku.—Yer. 28:1-17.

[Nɔnɔmetata si le axa 187]

12 Nudzɔdzɔ sia si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa me na wòdze ƒãa be ne míele gbeƒã ɖem la, ele be dzi nanɔ mía ƒo ya, gake ele be míawɔ nuŋububu nyuie hã ŋu dɔ. Ne míedi be míadzro Ŋɔŋlɔawo me kple ame aɖe wògbe be yemasee o eye wòdo dziku alo wòdi gɔ̃ hã be yeawɔ nuvevi mí la, míawɔ nu ɖe eŋu bubutɔe ahadzo le egbɔ ayi aƒe bubu me. Mehiã be míahe glãka kple ame aɖeke le Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ta o. Ne ‘míeɖu mía ɖokui dzi le vɔ̃ me’ alea la, aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na aƒemenɔlaa be ame bubu nakpe ɖe eŋu ɣebubuɣi si asɔ nɛ.—Xlẽ 2 Timoteo 2:23-25; Lod. 17:14.

Ne míele gbeƒã ɖem la, nu ka tae ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le vevie? Nu ka tae wòle be nuŋububu nyuie nakpe ɖe míaƒe dzinɔameƒo ŋu?

“MÈGAVƆ̃ O!”

13. Nu ka tae Yehowa gblɔ na Yeremiya be: “Mègavɔ̃ o,” eye nu ka tae wòhiã be míadzro nya ma me?

13 Mawu subɔla vavã siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me hã to nɔnɔme sesẽ siwo do mo ɖa ɣemaɣi la me. Susu sia tae Mawu de dzi ƒo na Yeremiya be: “Mègavɔ̃ o.” (Yer. 1:8; Kony. 3:57) Yehowa na Yeremiya gblɔ dzideƒonya mawo ke na Yudatɔ bubuawo hã. (Xlẽ Yeremiya 46:27.) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ le nya sia me? Le nuwuɣi dziŋɔ siawo me la, vɔvɔ̃ ate ŋu aɖo mí ɣeaɖewoɣi. Ne edzɔ alea la, ele be míaɖo to Yehowa, ame si le gbɔgblɔm na mí be: “Mègavɔ̃ o.” Le agbalẽ sia ƒe gɔmedzedze la, míekpɔ ale si Mawu do ŋusẽ Yeremiya le ɣeyiɣi dziŋɔ mawo mee. Mina míagato nu siwo dzɔ ɣemaɣi la me kpuie ne míakpɔe ɖa be nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme hã.

14, 15. (a) Nɔnɔme ɖivɔvɔ̃ ka mee Yeremiya ge ɖo? (b) Aleke Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeakpɔ Yeremiya ta la dzii?

14 Esi Babilontɔwo va xaxa Yerusalem ɖo la, dɔ to le dua me. Eteƒe medidi o, nuɖuɖu vɔ le ame geɖe si keŋkeŋ. (Yer. 37:21) Hekpe ɖe dɔ si nɔ Yeremiya wum ŋu la, Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo nugbe be yewoawui. Woƒoe ɖe Fia Zedekiya vɔvɔ̃nɔtɔa nu wòlɔ̃ ɖe woƒe nugbeɖoɖoa dzi. Eya ta wolé Yeremiya de vudo goglo aɖe me. Tsi menɔ vudoa me o, negbe ba sɔŋ ko. Esi Yeremiya nɔ to yim le baa me la, anya se le eɖokui me be evɔ na ye. Nenye wòe ɖe, ɖe vɔvɔ̃ maɖo wò oa?—Yer. 38:4-6.

15 Togbɔ be amegbetɔ koe Yeremiya nye abe míawo ke ene hã la, eɖo ŋu ɖe ŋugbe si Yehowa do nɛ be yemagblẽe ɖi akpɔ o la ŋu. (Xlẽ Yeremiya 15:20, 21.) Ðe Yehowa ɖo eteƒe nɛ esi wòɖo ŋu ɖe eŋua? Ɛ̃, eɖo eteƒe nɛ. Mawu ʋã Ebed-Melex wògblẽ amegãwo ƒe nugbeɖoɖoa me hexɔ Yeremiya ɖe agbe. Fia la ɖe mɔ na Ebed-Melex wòyi ɖahe Yeremiya do goe le vudoa me ale be metsi baa me ku o.—Yer. 38:7-13.

16. Afɔku kawo mee Yehowa ɖe esubɔla wɔnuteƒewo le?

16 Togbɔ be woɖe Yeremiya do goe le vudoa me hã la, ema mefia be eƒe agbe megale afɔku me o. Do ŋgɔ esi Ebed-Melex nɔ kuku ɖem na fia la be wòaɖe mɔ na ye yeaxɔ na Yeremiya la, egblɔ be: “Wotsɔe de do me, ne dɔ nawui wòaku ɖe afi ma; elabena abolo vɔ le dua me.” (Yer. 38:9) Ɛ̃, dɔ va to le Yerusalem ale gbegbe be amewo nɔ amelã ɖum. Gake Yehowa gade nu nyaa me ake hexɔ na Yeremiya. Yehowa to Yeremiya dzi do ŋugbe na Ebed-Melex hã be yeakpɔ eta. (Yer. 39:16-18) Yeremiya kpɔ ŋugbe si Mawu do nɛ be, “Meli kpli wò, be maɖe wò” la ƒe nyateƒenyenye dze sii. (Yer. 1:8) Esi wònye Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae nɔ nuteƒewɔla eve mawo ŋu dzɔm ta la, futɔwo loo alo dɔwuame mete ŋu tsrɔ̃ wo o. Wotsi agbe le dua tsrɔ̃ɣi ƒe ɣeyiɣi sesẽ mawo me. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme? Eyae nye be, Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeakpɔ wo ta la dzi.—Yer. 40:1-4.

[Nɔnɔmetata si le axa 190]

17. Nu ka tae wòle be nàɖo dzi ɖe ŋugbe si Yehowa do be yeakpɔ ye subɔlawo ta ŋu?

17 Nya siwo Yesu gblɔ ɖi tso nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi ŋu la le eme vam fifia, eye naneke mate ŋu axe mɔ na emevava bliboe o. Eteƒe madidi o, “dzesiwo ado ɖe ɣe kple ɣleti kpakple ɣletiviwo me, eye le anyigba dzi la, dukɔwo atɔtɔ vevie, eye womanya nu si woawɔ o, . . . eye amewo aku ƒenyi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nu siwo gbɔna anyigba dzi la ta.” (Luka 21:25, 26) Míenya ale si tututu dzesi mawo adoe kple mɔ si nu woado vɔvɔ̃ na amewo le ya o. Gake eɖanye nu ka kee adzɔ o, mègake ɖi ŋutete kple didi si le Yehowa si be yeaɖe ye subɔlawo la gbeɖe o. Ke hã, nu bubu kurae adzɔ ɖe ame siwo mewɔa eƒe lɔlɔ̃nu o ya dzi. (Xlẽ Yeremiya 8:20; 14:9.) Ne esubɔlawo ɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me si adze abe mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o, abe ɖe wolé wo de vudo goglo aɖe me ene kura gɔ̃ hã la, axɔ na wo kokoko! Nya si Mawu gblɔ na Ebed-Melex ava eme na eƒe amewo be: “Mana nasi, eye màtsi yi nu o, eye wò agbe anye aboyonu na wò, elabena èɖo dzi ɖe ŋunye, Yehowa ye gbɔe!”—Yer. 39:18.

MAWU LE NU ƑOM NA WÒ TO YEREMIYA DZI

18. (a) Nya kawoe he tɔtrɔ va Yeremiya ƒe agbe me? (b) Aleke Yeremiya 1:7 me nyawo wɔ dɔ ɖe dziwòe?

18 “Afi sia afi, si maɖo wò ɖo la, nàyi, eye gbe, siwo katã made asiwò la, nàgblɔe.” (Yer. 1:7) Esi Yeremiya nya se nya mawo le Mawu nu ko la, eƒe agbe trɔ bubui kura. Tso ɣemaɣi la, gbeƒãɖeɖe “Yehowa ƒe nya” ye zu nu vevitɔ kekeake nɛ. Nyagbe “Yehowa ƒe nya” dze le Yeremiya ƒe agbalẽ bliboa me enuenu. Nu si ŋu Yeremiya ƒo nu tsoe le eƒe agbalẽa ƒe ta mamlɛa mee nye toɖeɖe ɖe Yerusalem kple Yuda fia mamlɛtɔ, Zedekiya, kpɔkplɔ yi aboyo me. Ɛ̃, Yeremiya yi edzi fia nu Yudatɔwo hexlɔ̃ nu wo be woaɖo to Yehowa va se ɖe esime nɔnɔmeawo na wòdze ƒãa be eƒe dɔa wu enu.

19, 20. (a) Nu ka tae wòle be nàsrɔ̃ ale si Yeremiya wɔ eƒe subɔsubɔdɔae? (b) Mɔ ka nue gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ nana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le? (d) Aleke Yeremiya kple Konyifahawo ƒe agbalẽawo me dzodzro wɔ dɔ ɖe dziwòe?

19 Le mɔ geɖe nu la, dutoƒosubɔsubɔdɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le egbea la sɔ kple dɔ si Yeremiya wɔ. Wò hã èle Mawu vavã la subɔm le ʋɔnudrɔ̃ɣi abe Yeremiya ene. Èzãa wò ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖe agbanɔamedzi vevi aɖewo gbɔ kpɔkpɔ ŋu, gake gbeƒãɖeɖe nya nyuiae nye dɔ vevitɔ kekeake na wò le nuɖoanyi sia me. Ètoa esia dzi kafua Mawu ƒe ŋkɔ gã la heɖenɛ fiana be yelɔ̃ ɖe gome kple ŋusẽ si le esi be wòanye Xexea Me Katã Dziɖulagã la dzi. (Xlẽ Konyifahawo 5:19.) Azɔ hã, èɖea havilɔlɔ̃ fiana esi nèkpena ɖe amewo ŋu be woanya Mawu vavã la ahawɔ nu si wòdi tso wo si ne woakpɔ agbe.—Yer. 25:3-6.

20 Yeremiya gblɔ tso dɔ si Yehowa de esi ŋu be: “Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zebaot.” (Yer. 15:16) Dzidzɔ kple dzidzeme siae sua ame siwo katã ƒe dzi ʋãa wo woƒoa nu tso Mawu vavãa ŋu la si. Eya ta ɖoe kplikpaa be yeayi edzi aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nya abe ale si Yeremiya wɔe ene.

Aleke kpɔɖeŋu siwo Yeremiya kple Ebed-Melex ɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò dzi nanɔ ƒowòe? Yeremiya ƒe nɔnɔme kae nàdi be yeaɖe afia le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe