TA ADRELIA
“Mafa Dzi Na Luʋɔ Siwo Ŋu Nu Te”
1. Yayra siwo xexe yeyea ahe vae dometɔ kae nèle mɔ kpɔm na vevie?
ƔESIAƔI si nède ŋugble tso xexe yeyea ŋu la, etsɔmeyayra kawo dzie wò susu yina? Ðewohĩ èɖoa ŋkui be amegbetɔ ƒe ŋutilã ava de blibo, nuɖuɖu nyuiwo abɔ, lã wɔadãwo afa, eye amewo akpɔ aƒe nyui anɔ eme. Ðewohĩ èɖoa ŋku mawunyakpukpui siwo ɖo kpe yayra siawo dzi la hã dzi. Gake mele be nàŋe aɖaba ƒu ƒomedodo nyui si anɔ mia kple Mawu dome kpakple ale si wò dzi adze eme bliboe la dzi gbeɖe o. Esia manɔmee la, yayra bubuawo manɔ anyi eteƒe nadidi o.
2, 3. Yayra vevi kae Yeremiya ƒe nuŋlɔɖiawo kpe ɖe mía ŋu míele mɔ kpɔm na?
2 Esi Mawu nɔ Yudatɔwo ƒe tɔtrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon ŋu nya gblɔm ɖi to Yeremiya dzi la, egblɔ ale si woase le wo ɖokui me ɣemaɣi la na wo be: “Àgakpla wò asiʋuiwo, eye àɖo dzidzɔkpɔlawo ƒe tò me.” (Xlẽ Yeremiya 30:18, 19; 31:4, 12-14.) Mawu gado ŋugbe aɖe kpee, si ade dzi gbɔ na wò ŋutɔ. Egblɔ be: “Mafa dzi na luʋɔ, siwo ŋu nu te, eye maɖi ƒo na luʋɔ, siwo nu ti kɔ na.”—Yer. 31:25.
3 Ŋugbedodo lédziname kae nye esi! Yehowa be ame si ŋu nu te, si ƒo dzi ɖe le la, yeafa dzi nɛ alo yeana eƒe dzi nadze eme bliboe. Mawu wɔ eƒe ŋugbedodo sia dzi na Yudatɔawo. Yeremiya ƒe nuŋlɔɖiawo na kakaɖedzi mí be Mawu afa dzi na míawo hã. Azɔ hã, nuŋlɔɖi mawo akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míawɔ akpɔ akɔfafa fifia gɔ̃ hã ahalé mɔkpɔkpɔ me ɖe asi. Gawu la, woafia mɔ ŋutɔŋutɔ siwo dzi míate ŋu ato ade dzi ƒo na ame bubuwo ahana woƒe luʋɔ nakpɔ gbɔdzɔe la mí.
4. Go ka mee míesɔ kple Yeremiya le?
4 Ŋugbedodo ma fa akɔ na Yeremiya, eye ate ŋu afa akɔ na míawo hã. Nu ka tae? Ðo ŋkui be míesrɔ̃e le agbalẽ sia ƒe Ta Gbãtɔ me be, abe Eliya ene la, “amegbetɔ si ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo” koe Yeremiya hã nye. (Yak. 5:17) Na míadzro susu siwo tae dzi ɖe le Yeremiya ƒo ɣeaɖewoɣi, alo wòlé blanui vie gɔ̃ hã, la me kpɔ. Ne míele eme dzrom la, kpɔe ɖa be nenye wòe le nɔnɔme mawo me ɖe, aleke nàse le ɖokuiwò me hã, eye nàdze agbagba ase nu si tae dzi ate ŋu aɖe le ƒowò ɣeaɖewoɣi la gɔme.—Rom. 15:4.
5. Nu siwo anya ɖe dzi le Yeremiya ƒo dometɔ ɖeka ɖe?
5 Ate ŋu anye be Yeremiya detɔwo ƒe nuwɔna hã le nu siwo ɖe dzi le eƒo dome. Anatot ye wòtsi le. Enye Lewi viwo ƒe du aɖe si didi tso Yerusalem gbɔ kilometa ʋɛ aɖewo ko, le dzieheɣedzeƒe gome. Ðewohĩ Yeremiya ƒe ame nyanyɛ kple ƒometɔ aɖewo le afi ma. Yesu gblɔ be womedea bubu nyagblɔɖila ŋu le wo de o, eye nenema tututue wònɔ le Yeremiya gome. (Yoh. 4:44) Gake nu si Yeremiya detɔwo wɔ la de ŋgɔ wu gbɔɖiɖii alo bubumademade eŋu dzro ko. Mawu ŋutɔ gblɔ be, ‘Anatot ŋutsuwo le Yeremiya ƒe ku dim.’ Wodo dziku ɖe eŋu gblɔ be: “Mègagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me, ne míaƒe asi magawu wò o.” Ewɔ nublanui loo! Eƒe aƒelika, kple ɖewohĩ eƒe ƒometɔ, siwo wòle be woakpe ɖe eŋue nye ema va le ŋɔdzi dom nɛ.—Yer. 1:1; 11:21.
6. Ne wò dɔwɔhatiwo alo ame nyanyɛ bubuwo le yowòme tim la, aleke nu si me Yeremiya to le “Anatot ŋutsuwo” si me akpe ɖe ŋuwòe?
6 Ne wò aƒelikawo, sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo, alo ƒometɔwo ɖoe koŋ le nu tum kpli wò la, na ale si Yehowa kpe ɖe Yeremiya ŋui nafa akɔ na wò. Ɣemaɣi la, Mawu gblɔ be ‘yeahe to na’ Anatottɔ siwo le tsitre tsim ɖe yeƒe nyagblɔɖilaa ŋu. (Xlẽ Yeremiya 11:22, 23.) Edze ƒãa be Mawu ƒe kakaɖedzinya siawo do ŋusẽ Yeremiya wònɔ te ɖe wo detɔwo ƒe tsitretsiɖeŋua nu. Emegbe Mawu ‘he vɔ̃ va Anatottɔ mawo dzi tsɔ he to na wo’ abe ale si wògblɔe ene. Eya ta ka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋku le nu siwo me tom nèle ŋu eye wòle wo kpɔm. (Ps. 11:4; 66:7) Ne èyi edzi ‘nɔ agbe ɖe’ Biblia ƒe nufiafiawo nu hewɔ nu si sɔ la, esia ate ŋu aʋã tsitretsiɖeŋula aɖewo woatrɔ dzi me bene woagatsrɔ̃ o.—1 Tim. 4:16.
Aleke Yeremiya ƒe agbalẽa ɖee fia be Mawu tsɔa ɖe le eƒe amewo ƒe seselelãme me, eye aleke esia kpe ɖe Yeremiya ŋui?
DZIÐELEAMEƑONUWO
7, 8. Ŋutasẽnu kawoe wowɔ ɖe Yeremiya ŋu, eye ŋusẽ kae nu mawo kpɔ ɖe edzi?
7 Nu vlo siwo Yeremiya detɔwo wɔ ɖe eŋu mese ɖe nya siwo wotsɔ do ŋɔdzi nɛ dzi o. Ame bubu siwo tu nu kplii dometɔ ɖekae nye nunɔla Pasxur, si nye ame ŋkuta aɖe le Yerusalem.a Gbe ɖeka la, “Pasxur ƒo nyagblɔɖila Yeremya, eye wòbɔ pãe” le esi wògblɔ nya ɖi wòse ta. (Yer. 20:1, 2) Edze ƒãa be menye tome dzro koe wòƒo nɛ o. Ame aɖewo gblɔ be Pasxur na woƒo Yeremiya kple ati abe zi 40 ene, ɖewohĩ ɖeka koe to le eme. (5 Mose 25:3) Esi Yeremiya nɔ veve sem ɣemaɣi la, amewo anya nɔ fewu ɖum le eŋu, anɔ edzum, alo anɔ ta ɖem ɖe mo nɛ gɔ̃ hã. Gake mese ɖe afi ma o. Pasxur na wobɔ “pãe” zã bliboa. Esia fia be eƒe ameti bliboa nɔ xaxa gobaa kaka ŋu ke. Ŋutasẽnu kae nye esi wowɔ ɖe Yeremiya ŋu wòse veve zã bliboa katã!
8 Ŋusẽ kae nuwɔna siawo kpɔ ɖe Yeremiya dzi? Efa konyi na Mawu be: “Mezu alɔmeɖenu ŋkeke blibo la.” (Yer. 20:3-7) Eva susu me nɛ gɔ̃ hã be yeadzudzɔ nuƒoƒo le Mawu ƒe ŋkɔ me. Gake Yeremiya mate ŋu awɔ nu ma o, eye abe ale si nènyae ene la, mewɔe hã o. Ke boŋ nya si Yehowa Mawu de enu be wòagblɔ la zu “abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe [eƒe] ƒuwo me ene,” eye mete ŋu mia nu ɖe edzi o.—Xlẽ Yeremiya 20:8, 9.
9. Nu ka tae wònyo be míanɔ ŋku ɖom nu siwo me Yeremiya to dzi?
9 Nuŋlɔɖi sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míaƒe ame nyanyɛwo tsi tre ɖe mía ŋu heɖu fewu le mía ŋu, ɖewohĩ ate ŋu anye míaƒe ƒometɔwo, aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, alo sukuhatiwo. Ne tsitretsiɖeŋu siawo na dzi ɖe le mía ƒo vie ɣeaɖewoɣi la, mele be wòawɔ nuku na mí o. Dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo vie hã ne wowɔ ŋutasẽnu ɖe mía ŋu le tadedeagu vavãtɔa ta. Ðo ŋkui be nu mawo ƒomevie ɖe dzi le Yeremiya, si nye amegbetɔ madeblibo si ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔ la, hã ƒo. Gake Mawu kpe ɖe Yeremiya ŋu dzi gaɖo eƒo, eye wòyi eƒe dɔa dzi dzidzɔtɔe. Dzi meɖe le eƒo ɖaa o; nenemae wòle be wòanɔ le míawo hã gome.—2 Kor. 4:16-18.
10. Nya kae Biblia gblɔ tso ale si Yeremiya sena le eɖokui me ɣeaɖewoɣi ŋu?
10 Ɣeaɖewoɣi la, Yeremiya ƒe seselelãme te ŋu trɔna kpata. Ðe wòdzɔ ɖe dziwò nenema kpɔa—ɖewohĩ be dzi le dzɔwòm nyuie ko, kasia èlé blanui eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe wòa? Kpɔ nya si Yeremiya 20:12, 13 gblɔ tso ɣeyiɣi si me dzi nɔ Yeremiya dzɔm ŋu la ɖa. (Xlẽe.) Esi Yeremiya to nu si Pasxur tu kplii me vɔ la, Yeremiya kpɔ dzidzɔ be yenye hiãtɔ si woɖe “tso ame vɔ̃ɖiwo si me.” Ðikeke mele eme o be èkpɔa dzidzɔ alea ɣeaɖewoɣi eye nèdzia ha na Yehowa, ɖewohĩ le esi nèkpɔe be eɖe wò tso nɔnɔme sesẽ aɖe me alo nudzɔdzɔ vevi aɖe do dzidzɔ na wò le wò subɔsubɔdɔa me ta. Aleke wòhenyoe nye esi be míakpɔ dzidzɔ alea!—Dɔw. 16:25, 26.
Ŋusẽ kae amewo ƒe tsitretsiɖeŋu alo fewuɖuɖu ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe seselelãme dzi?
11. Ne edzɔ be míaƒe seselelãme trɔ kpata la, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yeremiya gbɔ?
11 Gake esi míede blibo o ta la, míaƒe seselelãme ate ŋu atrɔ kpata. Nu ma tututue dzɔ ɖe Yeremiya dzi. Esi wòkpɔ dzidzɔ hedo ɣli be “midzi ha na Yehowa” vɔ teti ko la, elé blanui vevie, ɖewohĩ efa avi kura gɔ̃ hã. (Xlẽ Yeremiya 20:14-16.) Dzi ɖe le eƒo ale gbegbe wòxa nu be ne ɖe womegaxa dzi ye o la, ne enyo wu! Esia na wògblɔ be aɖi ŋutsu si ɖe gbeƒã yeƒe dzigbe la ŋu abe Sodom kple Gomora ene. Gake nya vevi aɖee nye esi: Ðe Yeremiya lé blanui atraɖiia? Ðe wòna dzi ɖe le eƒo ɖaa? Kpao. Edze agbagba ɖu eƒe dziɖeleameƒoa dzi, ale ŋusẽ gaɖo eŋu. Na míakpɔ nu si Yeremiya ƒe agbalẽa gblɔ be edzɔ le esia megbe la ɖa. Fia Zedekiya dɔ Pasxur kemɛa, fiasãmemegã la, ɖa be wòayi aɖabia gbe Yeremiya tso Babilontɔ siwo ɖe to ɖe dua ŋu. Yeremiya tsɔ dzinɔameƒo gblɔ ʋɔnu si Yehowa adrɔ̃ dukɔa kple nu si ado tso eme la ŋu nya nɛ. (Yer. 21:1-7) Ɛ̃, Yeremiya megbɔdzɔ hedzudzɔ eƒe nyagblɔɖidɔa wɔwɔ o!
12, 13. Nu kawoe wòahiã be míawɔ be míate ŋu anɔ te ɖe míaƒe seselelãme ƒe tɔtrɔ kpata nu?
12 Mawusubɔla siwo li egbea dometɔ aɖewo ƒe seselelãme te ŋu trɔna kpata ŋutɔ. Esia ƒe ɖewo ate ŋu atso lãmesẽkuxi aɖe gbɔ, si ta wòahiã be woayi kɔdzi hafi wòaka ɖe eme na wo. (Luka 5:31) Gake le mía dometɔ akpa gãtɔ gome la, seselelãme ƒe tɔtrɔ sia menyea esi gbɔa eme, si ta wòahiã be míayi kɔdzi o. Míaƒe blibomademade gbɔ koe seselelãme gbegblẽ siawo tsona zi geɖe. Ate ŋu atso ɖeɖiteameŋu alo ame vevi aɖe ƒe ku hã gbɔ. Ne míele nɔnɔme siawo tɔgbi me tom la, anyo be míaɖo ŋku edzi be seselelãmekuxi sia ɖe fu na Yeremiya hã, gake eyi edzi wɔ nu si dze Mawu ŋu. Be míanɔ te ɖe enu la, ahiã be míatrɔ asi le míaƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu be míate ŋu akpɔ ɣeyiɣi aɖi ɖe eme wòasu mí. Alo ɖewohĩ ne amee ku na mí la, ahiã be ɣeyiɣi aɖe nava yi hafi míaƒe dzi nadze eme. Ke hã, ele vevie ŋutɔ be míayi edzi anɔ gome kpɔm le Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple teokrasidɔ bubuwo me. Nu vevi siawoe alé mí ɖe te ahana míayi edzi akpɔ dzidzɔ le Mawu subɔsubɔ me.—Mat. 5:3; Rom. 12:10-12.
13 Eɖanye ƒãa hafi dzi ɖena le ƒowò loo alo enye nu si dzɔna ɖe dziwò edziedzi o, nu si me Yeremiya to ate ŋu aɖe vi na wò. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, dzi ɖe le eƒo vevie ɣeaɖewoɣi. Gake meɖe mɔ dziɖeleameƒo na wòtrɔ le Mawu yome o. Eyi edzi lɔ̃ Mawu hesubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Esi eƒe futɔwo tsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nɛ la, etrɔ ɖe Yehowa ŋu eye wòɖo ŋu ɖe eŋu. (Yer. 18:19, 20, 23) Ðoe kplikpaa nàsrɔ̃ Yeremiya ƒe kpɔɖeŋu sia.—Kony. 3:55-57.
Ne dzi ɖe le ƒowò alo mɔkpɔkpɔ bu ɖe wò la, aleke nàte ŋu awɔ nu si nèsrɔ̃ le Yeremiya ƒe agbalẽa me ŋu dɔe?
ÐE NÀFA AKƆ NA LUƲƆ SIWO ŊU ÐEÐI TEA?
14. Ame ka koŋ ye de dzi ƒo na Yeremiya, eye aleke wòwɔe?
14 Anyo be míade ŋugble tso ale si wode dzi ƒo na Yeremiya kple ale si eya hã de dzi ƒo na “luʋɔ siwo ŋu nu te” la ŋu. (Yer. 31:25) Yehowa koŋ ye de dzi ƒo na Yeremiya. Kpɔe ɖa be aleke nàse le ɖokuiwò me ne èsee Yehowa ŋutɔ gblɔ nya siwo gbɔna na wò hã: “Matsɔ wò awɔ du sesẽ . . . Woawɔ avu kpli wò, ke woado kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!” (Yer. 1:18, 19) Ðeko wòsɔ ta be Yeremiya yɔ Yehowa be “míaƒe ŋusẽ, míaƒe mɔ̃ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe le hiãɣi!”—Yer. 16:19.
15, 16. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa de dzi ƒo na Yeremiyae me ne míedi be míade dzi ƒo na ame aɖe?
15 Anyo be míade dzesii be Yehowa gblɔ na Yeremiya be: “Meli kpli wò.” Ðe nèsrɔ̃ nu vevi aɖe le nya sia me tso nu si nàte ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na amewoe ŋua? Mesesẽ be míanya be mía nɔvi alo míaƒe ƒometɔ aɖe hiã dzideƒo o, gake ale si míawɔ ade dzi ƒo nɛ wòade edeƒee nye nyaa. Zi geɖe la, mɔ nyuitɔ si dzi míato ade dzi ƒo na ame si ɖo xaxa me koe nye be míanɔ eŋu, abe ale si Mawu wɔe na Yeremiya ene. Eye ne èli sẽe la, nàgblɔ dzideƒonya aɖe nɛ, gake mègaƒo nu fũu o. Nya ʋɛ aɖewo gbɔgblɔ koe hiã be nàde dzi ƒo nɛ, vevietɔ ne èbu nyaa ŋu nyuie hafi gblɔe. Mehiã be nànye nuƒola bibi hafi o. Zã nya bɔbɔe siwo aɖe ɖetsɔleme, veveseɖeamenu, kple Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ afia. Nya siawo tɔgbi ade dzi gbɔ nɛ ŋutɔ.—Xlẽ Lododowo 25:11.
16 Yeremiya do gbe ɖa be: “Yehowa, ènyae, ɖo ŋku dzinye, eye nàɖe ŋku ɖe ŋunye.” Nu kae do tso eme? Nyagblɔɖila la gblɔ be: “Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi.” (Yer. 15:15, 16) Ðewohĩ ahiã be nàna ame si nèdi be yeade dzi ƒo na nase le eɖokui me be ètsɔ ɖe le eme na ye vevie. Ele eme baa be ŋusẽ manɔ wò nyawo ŋu de Yehowa tɔ nu ya o. Gake àte ŋu ade Mawu ƒe nya aɖewo nya siwo nàgblɔ me. Nya siwo nàtu ɖe Biblia dzi agblɔ tso dzi me la ate ŋu ade dzi gbɔ na ame si ƒo dzi ɖe le, eye wòagakpɔ dzidzɔ ake.—Xlẽ Yeremiya 17:7, 8.
17. Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yeremiya wɔ nu ɖe Zedekiya kple Yoxanan ŋui me?
17 De dzesii be menye ɖeko Yeremiya xɔa dzideƒo tso Mawu gbɔ ko evɔ o, eya hã dea dzi ƒo na ame bubuwo. Aleke míewɔ nya? Gbe ɖeka la, Fia Zedekiya gblɔ na Yeremiya be yele vɔvɔ̃m na Yudatɔ siwo le Babilontɔwo dzi dem. Nyagblɔɖila la gblɔ dzideƒonyawo na fia la, eye wòxlɔ̃ nui be ne enya ɖo to Yehowa ko la, vɔ̃ madzɔ ɖe edzi o. (Yer. 38:19, 20) Esi wova tsrɔ̃ Yerusalem eye Yudatɔ ʋɛ aɖewo koe susɔ ɖe dua me la, woƒe aʋafia Yoxanan di be yeakplɔ wo yewoasi ayi Egipte. Gake eyi ɖabia gbe Yeremiya gbã. Nyagblɔɖila la ɖo to se Yoxanan ƒe nyawo, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa tso eŋu. Emegbe esi wòse ŋuɖoɖo dedziƒoname aɖe tso Yehowa gbɔ la, ena Yoxanan kple etɔawo see, eye wògblɔ na wo be eme anyo na wo ne wowɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamea dzi hetsi dua me. (Yer. 42:1-12) Le nudzɔdzɔ evea siaa me la, Yeremiya ɖo to nyuie se nyawo hafi ƒo nu. Toɖoɖo ase ame si dzi nu te ɖo ƒe nyawo nye dzidedeƒo na ame ƒe mɔnu vevi aɖe. Na wòaɖe dzi ɖi agblɔ eƒe dzimenyawo na wò. Se eƒe nuxaxa kple dzimaɖitsitsiwo. Ne eƒo nu vɔ la, gblɔ dzideƒonya ʋɛ aɖewo nɛ. Togbɔ be wò ya màxɔ ɖeɖefia aɖeke tso Mawu gbɔ agblɔ abe ale si wònɔ le Yeremiya gome ene o hã la, àte ŋu ahe eƒe susu ayi ŋugbedodo nyui siwo le Mawu ƒe Nyaa me ku ɖe etsɔme ŋu dzi.—Yer. 31:7-14.
18, 19. Nufiame nyui kae le ale si Yeremiya wɔ nu ɖe Rexab viwo kple Ebed-Melex ŋu me na mí ku ɖe dzidedeƒo na amewo ŋu?
18 Zedekiya kple Yoxanan siaa do toku Yeremiya ƒe dzideƒonyawo. Ate ŋu adzɔ egbea hã be ame aɖewo matsɔ dzideƒonya siwo nàgblɔ na wo awɔ dɔe o. Ne edzɔ alea la, mègana dzi naɖe le ƒowò o. Ðo ŋku edzi be ame aɖewo ɖo to Yeremiya ƒe dzideƒonyawo. Ame aɖewo aɖo to wò hã. Gabu Rexab viwo ŋu kpɔ. Wonye Kenitɔ siwo wɔ ɖeka kple Yudatɔwo henɔ wo dome ƒe geɖe. Wo tɔgbui Yonadab de se na wo be esi wonye amedzroviwo ta la, woagano wain o. Le ɣeyiɣi si me Babilontɔwo va ɖe to ɖe dua la, Yeremiya kplɔ Rexab viwo yi gbedoxɔa ƒe nuɖuxɔ aɖe me. Mawu gblɔ na Yeremiya be wòana wain wo kpɔ be woanoe hã. Rexab viwo ɖo to wo tɔgbuia hegbe wain la nono, eye esia to vovo sãa na tomaɖomaɖo ƒe nɔnɔme si le Israel viwo si. (Yer. 35:3-10) Yeremiya kafu wo eye wòna wonya be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu eye wòdzra etsɔme nyui aɖe ɖo ɖi na wo. (Xlẽ Yeremiya 35:14, 17-19.) Srɔ̃ Yeremiya ƒe kpɔɖeŋu nyui sia: Ne èdi be yeade dzi ƒo na ame aɖe la, dze agbagba nàkafui tso dzi me.
19 Aleae Yeremiya wɔ na Ebed-Melex, Etiopiatɔ si wɔ dɔ le Fia Zedekiya ƒe fiasã me la hã. Yuda-megãwo lé Yeremiya de vudo si me ba le la me ŋutasesẽtɔe be wòaku. Ebed-Melex bia Fia Zedekiya be yeayi aɖaɖe Yeremiya, eye fia la ɖe mɔ nɛ. Amedzrovi sia va xɔ na Yeremiya, evɔ enya be ame siwo le Yeremiya ƒe ku dim ate ŋu ava dze ye dzi hafi. (Yer. 38:7-13) Esi Ebed-Melex nya be yezu Yuda-megã mawo ƒe futɔ ta la, anya nɔ vɔvɔ̃m be wole nugbe ɖo ge ɖe ye ŋu. Yeremiya mezi kpi hegblɔ le eɖokui me be Ebed-Melex ŋutɔ ƒe dzi ava dze eme o. Ke boŋ ede dzi ƒo nɛ hegblɔ yayra siwo Mawu dzra ɖo ɖi nɛ le etsɔme ŋu nya nɛ.—Yer. 39:15-18.
20. Nu kae míadi be míanɔ wɔwɔm na mía nɔviwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa?
20 Ɛ̃, kpɔɖeŋu nyui geɖewo le Yeremiya ƒe agbalẽa me, siwo akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míawo hã míawɔ ɖe nuxlɔ̃amenya si apostolo Paulo gblɔ na Tesalonikatɔwo dzi be: “Miyi edzi mianɔ akɔ fam na mia nɔewo, eye mianɔ mia nɔewo tum ɖo . . . [Ne] mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi.”—1 Tes. 5:11, 28.
Nufiame nyui kawo ŋue nèke ɖo le Yeremiya ƒe agbalẽa me, siwo ŋu dɔ nàdi be yeawɔ ne èle dzi dem ƒo na luʋɔ siwo ŋu nu te?
a Pasxur bubu aɖe nɔ anyi le Zedekiya ƒe dziɖuɣi. Enye fiasãmemegã aɖe si bia tso fia la si be wòana woawu Yeremiya.—Yer. 38:1-5.