Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
March 13-19
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YEREMIYA 5-7
Yeremiya ƒe Gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃wo Mavɔmavɔ̃e
w88 4/1 11-12 mm. 7-8
7 Yehowa xlɔ̃ nui be: “Woawɔ avu kpli wò, gake womanɔ te ɖe nuwò o.” (Yeremiya 1:19) Nu ka tae Yudatɔwo kple woƒe fiawo adi be yewoawɔ avu kple nyagblɔɖila sia? Elabena eƒe gbedeasia tɔ gbe woƒe ɖokuiŋudzedze kple woƒe kɔnuwɔwɔ ƒe tadedeagu la. Yeremiya metsyɔ nu woƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo dzi o: “Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya zu alɔmeɖenu na wo, medoa dzidzɔ na wo o. “Elabena wo katã woklẽa ŋu ɖe viɖe madzɔmadzɔ kpɔkpɔ ŋuti, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi; tso nyagblɔɖilawo dzi va ɖo nunɔlawo [ame siwo wòle be woakpɔ agbe nyui nɔnɔ kple gbɔgbɔmenyawo gbɔ la] dzi.”—Yeremiya 6:10, 13.
8 Nyateƒee, woxɔa ŋgɔ na dukɔa le vɔsasa me. Wowɔa vɔsa ƒe kɔnuwo gake menye tso dzi me o. Kɔnuwɔwɔ nɔ vevie na wo wu nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yuda subɔsubɔhakplɔlawo nɔ dukɔa nu blem be woasusu be yewole dedie, henɔa gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa li! Ŋutifafa li!” Evɔ ŋutifafa aɖeke meli hafi o. (Yeremiya 6:14; 8:11) Ɛ̃, wonɔ dukɔa flum be woaxɔe se be yewole ŋutifafa me kple Mawu. Wosusu be mele be yewoatsi dzimaɖi ɖe naneke ŋu o, elabena dukɔ si Yehowa ɖe la yewonye, eye du kɔkɔe la kple eƒe gbedoxɔ la le yewo si. Gake nenemae Yehowa kpɔ nɔnɔme laea?
w88 4/1 12 mm. 9-10
9 Yehowa gblɔ na Yeremiya be wòava gaglãgbe le gbedoxɔ la ƒe agbo nu eye wòagblɔ Yeƒe gbedeasi na tadeagula siwo ge ɖe gbedoxɔa me la. Ele be wòagblɔ na wo be: “Migaɖo dzi ɖe alakpanyawo ŋu anɔ gbɔgblɔm be, ‘Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔe nye esia! o. . . . Ke miele dzi ɖom ɖe alakpanyawo ŋu, gake womaɖe vi aɖeke kura o.” Esi Yudatɔwo ƒe gbedoxɔ la nye dada na wo ta la, wole zɔzɔm le nukpɔkpɔ nu, menye le xɔse me o. Woŋlɔ Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenyawo be xoxo be: “Dziƒowo nye nye fiazikpui, eye anyigba nye nye afɔɖodzinu. Ekema xɔ ka ƒomevie miate ŋu atu nam?” Kakaɖedzitɔe la, eɖanye aleke gbegbe ŋutikɔkɔe le woƒe gbedoxɔ ŋui o hã la, womate ŋu amimi Yehowa, xexe nyadri sia ƒe Fiagã kple eƒe Aƒetɔ la ɖe eme o.—Yeremiya 7:1-8; Yesaya 66:1.
10 Yeremiya yi eƒe dutoƒomokaka si ƒona ɖe ame la dzi be: “Miele fi fim, le ame wum, le ahasi wɔm, le alakpatam kam, le vɔwo sam na Baal hedze mawu bubu siwo mienya o yome tso, . . . nɔa gbɔgblɔm be, ‘Woaxɔ na mí godoo,’ evɔ miele ŋunyɔnu siawo katã wɔmaa?’” Yudatɔwo, ame siwo nye Mawu ƒe ‘dukɔ tiatia’ la susu be aɖe mɔ ɖe nɔnɔme ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu ne yewonya tsɔ vɔsawo yi gbedoxɔa me ko. Gake ne wobui be enye fofo nublanuikpɔla, si wɔa vi na tenuvi si gblẽ la, ekema woava anyɔ wo afɔkutɔe.—Yeremiya 7:9, 10; 2 Mose 19:5, 6.
w88 4/1 13 mm. 15
15 Le abe ƒe 632 D.Y. la, Mediatɔwo kple Kaldeatɔwo ɖu Asiria dzi, eye wobɔbɔ Egipte ɖe anyi wòzu ŋusẽ sue aɖe ko si le Yuda ƒe dziehe. Nu si nye ŋɔdzidonu ŋutɔŋutɔ na Yuda la atso amedzidzedzemɔ si le anyiehe la dzi. Eya ta ele be Yeremiya nagblɔ dzɔgbevɔ̃enya na ehati Yudatɔwo! “Kpɔ ɖa! Dukɔ aɖe tso anyiehenyigba dzi gbɔna, . . . Dukɔ si sẽa ŋuta wònye, eye womekpɔa nublanui o. . . . Woabla akpa ɖe ŋuwò abe aʋawɔla ene, Oo Zion vinyɔnu.” Xexemeŋusẽ si nɔ ŋusẽ kpɔm ɣemaɣie nye Babilon. Esia anye Mawu ƒe dɔwɔnu si wòazã atsɔ ahe to na Yuda dzimaxɔsetɔ lae.—Yeremiya 6:22, 23; 25:8, 9.