Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
January 1-7
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 1-3
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Mt 3:1, 2
gbeƒãɖeɖe: Helagbe me nyaa fia be “woanye ame dɔdɔ aɖe gbeƒã nya aɖe le dutoƒo.” Ehe susu yi mɔnu siwo wozã tsɔ gblɔ nyaa dzi: zi geɖe la wogblɔa nyaa le dutoƒo tsɔ wu be woaƒo nu na ameha aɖe.
Fiaɖuƒe: Esiae nye zi gbãtɔ si Helagbe me nya ba·si·leiʹa, dze le Biblia me eye efia dziɖuɖu, egafia dziɖuƒe kple ame siwo dzi ɖum dziɖula aɖe le hã. Nya sia dze zi gbɔ zi 162 le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me, eye 55 dze le Mateo ƒe nuŋlɔɖia me eye wo dometɔ akpa gãtɔ ku ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu si le dziƒo la ŋu. Mateo zã nya sia enuenu ale gbegbe be woate ŋu ayɔ eƒe Nyanyuigbalẽa be Fiaɖuƒe Ŋuti Nyanyuigbalẽ.
Dziƒofiaɖuƒe: Nya sia dze zi 30 sɔŋ le Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa ɖeɖe me. Le Marko kple Luka ƒe Nyanyuigbalẽawo me la, wozã nya aɖe si de sɔsɔ ge kplii si nye “Mawu Fiaɖuƒe la” tsɔ fia be dziƒo, afi si ŋku mate ŋu akpɔ o ye “Mawu Fiaɖuƒe la” le, eye afi mae wòaɖu dzi tso.—Mt 21:43; Mr 1:15; Lk 4:43; Da 2:44; 2Ti 4:18.
gogo: Efia be madidi o ame si anye Fia le Dziƒofiaɖuƒea me le etsɔme la ado.
nwtsty ƒe media
Yohanes Amenyrɔɖetsimela Ƒe Awudodo Kple Dzedzeme
Yohanes doa awu si wotsɔ kposɔfu lɔ̃ eye wòtsɔa lãgbalẽlidziblanu alo alidziblanu si ŋu woate ŋu atsɔ nu suesuesuewo aku la blaa edzi. Nyagblɔɖila Eliya hã doa awu ma tɔgbi. (2Fi 1:8) Kposɔfuwu le ƒlatsaa eye ame dahewoe donɛ zi geɖe. Gake kesinɔtɔwo ya doa awu nyui siwo wotsɔ sedavɔ alo aklala tɔ. (Mt 11:7-9) Esi Yohanes nye Naziritɔ tso edziɣi ta la, anɔ eme be melũ ta kpɔ o. Ðewohĩ Yohanes ƒe awudodo kple eƒe dzedzeme ɖee fia kɔtɛ be enɔ agbe tsɛ si na wòwɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu bliboe.
Ʋetsuviwo
Ne wozã “ʋetsuviwo” le Biblia me la, etea ŋu fiaa ʋetsuvi ƒomevi siwo ƒe dzowo medidi o vevietɔ esiwo zɔna le ha gã aɖe me. Le numekuku aɖe si wowɔ le Yerusalem ƒe nya nu la, amenyinu si nye protein 75 le alafa me ye le ʋetsuvi siwo le dzogbe la me. Egbea, woɖea ta, afɔwo, aʋalawo kple ƒodo le wo ŋu hafi ɖua akpa si susɔna la mumui alo ɖanɛ hafi ɖuna. Amewo gblɔna be wovivina abe bɔlu alo agalã ene eye amenyinu si nye protein le eme ŋutɔ.
Gbemenyitsi
Foto siwo dze le afi sia ƒe gbãtɔ (1) nye anyixe si anyi siwo le gbe me wɔ eye evelia (2) nye anyixe si me anyiwo ɖa ɖo. Ðewohĩ anyi siwo nye Apis mellifera syriaca siwo le nuto ma me ƒe anyitsie nye Yohanes ƒe nuɖuɖu. Anyi vɔ̃ɖi siawo tea ŋu nɔa agbe le Yudea-gbedzi, afi si xɔa dzo gbãgbãgbã la, gake mele bɔbɔe be amegbetɔwo nanyi wo be woaɖa o. Ke hã tso keke ƒe alafa asiekelia D.Y. la, ame siwo nɔ Israel nyi anyiwo le anyizewo me. Woke ɖe anyize gbogbo aɖewo siwo me anyixewo nɔ ŋu le dugã aɖe titina le Yordan Bali la me (woyɔna afi ma fifia be Tel Rehov). Wode dzesii be anye anyi ƒomevi aɖewo siwo wotsɔ tso Turkey ƒe anyitsie nɔ anyixe mawo me.
MAWU ƑE NYAA ME KESINƆNUWO DIDI
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 1:3
Tamar: Eyae nye nyɔnu atɔ̃ siwo ƒe ŋkɔwo dze le Mateo ƒe dzidzimegbalẽ si ku ɖe Mesia ŋu la ƒe gbãtɔ. Mamlɛawoe nye Rahab kple Rut, siwo menye Israel-viwo o (kpukpui 5); Bat-Seba, “Uriya srɔ̃” (kpukpui 6); kple Maria (kpukpui 16). Ðewohĩ wotsɔ nyɔnu siawo kpe ɖe dzidzimegbalẽ si me ŋutsuwo ɖeɖe ƒe ŋkɔwo dze le la ŋu elabena nyɔnu siawo dometɔ ɖe sia ɖe va zu Yesu mama le mɔ ɖedzesi aɖe nu.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 3:11
anyrɔ mi: Helagbe me nya ba·ptiʹzo fia be “woanyrɔ nane ɖe tsi me.” Biblia ƒe numeɖegbalẽ bubuwo ɖe eme be woanyrɔ nane ɖe tsi me wòabu keŋkeŋ. Ɣeaɖeɣi la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela nyrɔ amewo le Yordan Balia me le teƒe aɖe si te ɖe Salim ŋu “elabena tsi gbogbo aɖe le afi ma.” ( Yh 3:23) Hafi Filipo nanyrɔ Etiopiatɔwo ƒe amegãa la, wo ame evea “woɖi yi tsi la me.” (Dw 8:38) Wozã Helagbe me nya ma ke le 2Fi 5:14 le Septuagint la me esi wonɔ nu ƒom tso ale si Naaman “ɖado ɖi ɖe Yordan me zi adre” ŋu.
January 8-14
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 4-5
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 5:3
Dzidzɔtɔwo: Menye dzidzɔ si ame kpɔna vie nenye be nu dze edzi nɛ koe o. Ke boŋ ne wozãe na amegbetɔwo la, efia nɔnɔme si me ame si Mawu yra si ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo la le. Wogazã nya ma tsɔ ɖɔ Mawu kple Yesu ƒe nɔnɔme le dziƒo le woƒe ŋutikɔkɔe me.—1Ti 1:11; 6:15.
ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo: Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ame siwo nyae,” egɔmeɖeɖe tẽe nye, “ame dahewo (ame siwo nu hiã; wɔnamanɔŋutɔwo; ame si le kuku ɖem alo nubiala),” le afi sia la fia ame siwo le hiahiã aɖe me eye wonya nyuie be nu hiã yewo. Nya ma kee wozã na “nubiala” Lazaro si ŋu woƒo nu tsoe le Lk 16:20, 22. Helagbe me nya si gɔme gbegɔmeɖela aɖewo ɖe be “ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me” ate ŋu afia ame siwo nya nyuie be yewoda ahe le gbɔgbɔ me eye be yewohiã Mawu.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 5:7
nublanuikpɔlawo: Biblia me nya si nye “nublanuikpɔlawo” kple “woakpɔ nublanui” mefia be woatsɔ ake alo be ame ƒe nya me nagasẽ o. Zi geɖe la, nya sia ɖɔa seselelãme si ʋãa ame wòsea veve ɖe ame nu, eye wòkpɔa nublanui na ame ale be wòtsona le eɖokui si kpena ɖe ame siwo le hiã me la ŋu.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 5:9
ame siwo wɔa ŋutifafa: Menye ɖeko ame siawo nɔa ŋutifafa me kple amewo ko o, ke wonana ŋutifafa vaa afi si ŋutifafa mele o hã.
MAWU ƑE NYAA ME KESINƆNUWO DIDI
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 4:9
de ta agu: Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woate ŋu aɖe be “de ta agu” si dze le afi sia nye dɔwɔnya nɔnɔmefiatɔ, eye efia be woawɔ nane zi ɖeka aɖe ko. Ale si woɖe egɔme be “ne èdze klo de ta agu” fia be Abosam mebia tso Yesu si be wòayi edzi anɔ ta dem agu na ye o; ɖeko ‘wòadze klo ade ta agu’ zi ɖeka ko.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 4:23
le nu fiam . . . hele gbeƒã ɖem: Nufiafia to vovo na gbeƒãɖeɖe le mɔ sia nu be nufiala wɔa nu si yi ŋgɔ wu gbeƒãɖeɖe ko; efiaa mɔ ame, ɖea nuwo me, gblɔa nya siwo nana wokana ɖe eƒe nyawo dzi eye kpeɖodziwo nɔa eƒe nyawo ŋu.
January 15-21
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 6-7
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 6:24
kluvi: Helagbe me dɔwɔnyaa fia be woawɔ dɔ abe kluvi ene, si fia be ame nanye aƒetɔ ɖeka aɖe ko tɔ. Nya si gblɔm Yesu le le afi siae nye be Kristotɔ mate ŋu atsɔ eɖokui ana Mawu bliboe eye wòagavu ɖe kesinɔnuwo hã didi ŋu o.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 6:33
miyi edzi mianɔ . . . dim: Helagbe me dɔwɔnyaa fia nu si woanɔ wɔwɔm ɣeawokatãɣi eye woate ŋu aɖe egɔme be “Midi . . . ɖaa.” Yesu yomedzelawo madi Fiaɖuƒea zi ɖeka aɖe ko eye woatrɔ ɖe nu bubuwo ŋu o. Ke boŋ ele be woana wòanye nu gbãtɔ na wo le agbe me ɣesiaɣi.
Fiaɖuƒe la: Blema Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo gblɔ be “Mawu Fiaɖuƒe.”
dzɔdzɔenyenye: Ame siwo dia Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la wɔa eƒe lɔlɔ̃nu tso dzi me faa, eye wowɔna ɖe eƒe mɔfiame siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu dzi. Nufiafia sia to vovo na Farisitɔ siwo dze agbagba be yewoaɖo yewo ŋutɔwo yewoƒe dzɔdzɔenyenye anyi la tɔ.—Mt 5:20.
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Mt 7:28, 29
ƒe nu ku: Helagbe me dɔwɔnya si wozã le afi sia ate ŋu afia “ale si nane nawɔ nuku na ame ale gbegbe be gbɔgblɔ nabu ɖee.” Dɔwɔnya ma si wozã la fia be Yesu ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe ameawo dzi eteƒe didi.
eƒe nufiafia: Nya sia ku ɖe ale si Yesu fia nui, eƒe nufiafiamɔnuwo, siwo dometɔ aɖewo nye nu siwo wòfia, siwo nye mɔfiame siwo katã le eƒe Todzimawunyaa me la ŋu.
menye abe woƒe agbalẽfialawo ene o: Le esi Yesu natu eƒe nyawo ɖe rabi siwo ŋu wodea bubui ƒe nyawo dzi abe ale si agbalẽfialawo wɔnɛ ene teƒe la, Yesu ƒo nu abe Yehowa teƒenɔla, ame si si ŋusẽ le ene, eye wòtu eƒe nufiafiawo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi.—Yh 7:16.
January 22-28
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 8-9
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 8:3
ka asi eŋu: Mose ƒe Sea gblɔ be woaɖe kpodɔlélawo ɖe aga ale be ame bubuwo nagaxɔ dɔa o. (3Mo 13:45, 46; 4Mo 5:1-4) Ke hã, Yuda subɔsubɔhakplɔlawo de se bubuwo kpee. Le kpɔɖeŋu me, wode se be ele be amewo nanɔ adzɔge tso kpodɔléla gbɔ abe meta 1.8 (alo afɔ 6) ene, gake ne ya le ƒoƒom la, ele be amewo nanɔ adzɔge abɔklugui 100, si nye meta 45 (alo afɔ 150). Se sia wɔe be wosẽa tame le kpodɔlélawo ŋu. Wogblɔ tso rabi aɖe ŋu be ne ekpɔ kpodɔlélawo la, esina bèna eye bubu aɖe hã daa kpe wo tsɔ nyaa wo yia adzɔge. To vovo na esia la, nɔnɔme si me kpodɔlélaa nɔ la wɔ nublanui na Yesu ale gbegbe be ewɔ nu si mava susu me na Yudatɔ aɖeke o—eka asi ŋutsua ŋu. Ewɔ esia togbɔ be ate ŋu agblɔ nya ɖeka aɖe ko ada dɔ na kpodɔlélaa hafi.—Mt 8:5-12.
melɔ̃: Menye ɖeko Yesu lɔ̃ be yeawɔ nu si kpodɔlélaa bia la nɛ ko o, ke boŋ egblɔ ale si wòdi vevie be yeawɔe hã tsɔ ɖee fia be lɔlɔ̃e ʋã ye yeda dɔa nɛ.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 9:10
le nuɖukplɔ̃ ŋu: Be woanɔ kplɔ̃ ŋu kple ame aɖe fia be ƒomedodo kplikplikpli aɖe le ameawo dome. Esia tae Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekeawo me la manɔ nuɖukplɔ̃ ŋu alo aɖu nu kple ame siwo menye Yudatɔwo o la gbeɖe o.
adzɔxɔlawo: Yudatɔ geɖe xɔa adzɔ na Roma dziɖuɖua. Amewo lé fu Yudatɔ mawo elabena wowɔa dɔ na dutadziɖuɖu si le wo dzi ɖum, azɔ hã, adzɔxɔlawo tafaa amewo xɔa ga geɖe le wo si wu ga si woka. Yudatɔwo melɔ̃na be yewoade ha kple adzɔxɔlawo o, elabena wobua wo ko abe nu vɔ̃ wɔlawo kple gbolowo ene.—Mt 11:19; 21:32.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 9:36
wɔ nublanui nɛ: Helagbe me dɔwɔnya si nye splag·khniʹzo·mai si wozã la do ƒome kple “dɔkaviwo” (splagʹkhna), eye esia fia ale si ame sena le eɖokui me le ememe ke, si nye seselelãme si nu sẽ. Enyea Helagbe me nya sesẽtɔwo dometɔ ɖeka si wozãna na nublanuikpɔkpɔ.
January 29–February 4
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 10-11
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Mt 10:29, 30
atsutsrɔe: Helagbe me nya si nye strou·thiʹon nye nyaɖɔnya si fia xevi sue ɖe sia ɖe, gake atsutsrɔe koŋ ye wozãnɛ na, enye xe si ƒe asi bɔbɔ wu ɖe sia ɖe.
gaku ɖeka, si ƒe home le sue: egɔmeɖeɖe tẽe, “asario,” si nye ga home si woxena na ame si wɔ dɔ miniti 45. (Kpɔ Megbenyawo B14.) Le ɣeyiɣi sia me, esi Yesu zɔ mɔ yi Galilea zi etɔ̃lia la, egblɔ be wodzraa atsutsrɔe eve xɔa asario ɖeka. Ɣebubuɣi, anɔ ƒe ɖeka megbe le eƒe subɔsubɔdɔa me le Yudea la, Yesu gblɔ be wodzraa atsutsrɔe atɔ̃ xɔa gaku eve. (Lk 12:6) Ne míetsɔ nya eve siawo sɔ kple wo nɔewo la, míakpɔe be womedea asixɔxɔ boo atsutsrɔewo ŋu o si nana be asitsalawo tsɔa atɔ̃lia dea edzi na amewo.
woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã: Le mama dedie nu la, ɖakui siwo wu 100,000 ye le ta na ame sia ame. Ale si Yehowa nya nu suesuesuewo tsitotsito la ɖo kpe edzi be etsɔ ɖe le eme na Kristo yomedzela ɖe sia ɖe vevie.
nwtsty media
Atsutsrɔe
Atsutsrɔe nye xevi si woƒlena ɖuna si ƒe asi bɔbɔ wu ɖe sia ɖe. Woate ŋu atsɔ ga home si woxena na ame si wɔ dɔ miniti 45 la aƒle atsutsrɔe eve. Helagbe me nyaa ate ŋu afia xevi sue ɖe sia ɖe, siwo dome atsutsrɔe siwo nɔa aƒe me (Passer domesticus biblicus) kple esiwo nɔa Spain (Passer hispaniolensis) la le, atsutsrɔe siawo bɔ ɖe Israel fifia gɔ̃ hã.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 11:28
agba le mia wum: Ame siwo kpem Yesu nɔ la nye ame siwo tsi dzodzodzoe eye wole dagbadagbam le esi ‘agba le wo wum’ ta. Amegbetɔwo ƒe kɔnyinyi siwo wova tsɔ kpe ɖe Mose ƒe Sea ŋu wɔe be Yehowa subɔsubɔ va zu agba na wo. (Mt 23:4) Sabat si nye nu si ana woakpɔ dzidzɔ la gɔ̃ hã va zu agba na wo.—2Mo 23:12; Mr 2:23-28; Lk 6:1-11.
mana gbɔdzɔe mi: Helagbe me nya si nye “gbɔdzɔe” ate ŋu afia (Mt 26:45; Mr 6:31) be woaɖi ɖe eme, alo avo tso dagbadagba me ale be ŋusẽ nagaɖo ame ŋu. (2Ko 7:13; Flm 7) Nya siwo ƒo xlã nyaa fia be Yesu ƒe “kɔkuti” tsɔtsɔ bia be woawɔ dɔ, (Mt 11:29) menye be woagbɔ ɖe eme o. Helagbe me dɔwɔnyaa na míekpɔe be Yesu le ŋusẽ dom ame siwo ŋu ɖeɖi te ale be wòadzro wo vevie be yewoatsɔ yeƒe kɔkuti si tsɔtsɔ le bɔbɔe eye wòle wodzoe la.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 11:29
Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi: Yesu zã nya “kɔkuti” le kpɔɖeŋumɔ nu tsɔ fia ale si woabɔbɔ ɖe ame aɖe ƒe ŋusẽ te awɔ ɖe mɔfiamewo dzi. Ne kɔkuti eve ye le susu me na Yesu, si nye kɔkuti si Mawu tsɔ ɖo edzi la, ke agblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woava nɔ kɔkutia te kpli ye eye yeakpe ɖe wo ŋu. Ne nenemae la, anye ne nyaa ayi ale: “Miva nɔ nye kɔkuti la te.” Ne kɔkutia nye esi Yesu ŋutɔ tsɔ ɖo amewo dzi la, ke efia be ele be ame nabɔbɔ ɖe Kristo ƒe ŋusẽ te awɔ ɖe eƒe mɔfiame dzi abe eƒe nusrɔ̃lawo ene.