Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
March 5-11
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 20-21
nwtsty ƒe media
Asi Me
Asi aɖewo abe esi dze le afi sia ene la nɔa mɔ to. Zi geɖea, nudzralawo ɖoa asi ɖe mɔdodowo to eye woƒe adzɔnuwo xɔa mɔa me ale gbegbe be esesẽna be woakpɔ toƒe. Nutoa me tɔwo ƒlea aƒemenuzazãwo, zewo, glasnu xɔasiwo, kple nuɖuɖu vovovowo le afi ma. Esi nufamɔ̃ meli o ta la, ehiã be amewo nayi asi me gbe sia gbe aƒle nuzazãwo. Afi mae nuƒlelawo sea nudzɔdzɔ siwo ŋu nya gblɔm asitsalawo kple ame bubuwo le la le, ɖeviwo fena le afi ma eye amewo hã vanɔa afi ma be woatsɔ yewo yewoawɔ dɔ. Yesu da dɔ na dɔnɔwo le asi me eye Paulo hã ɖe gbeƒã le asi me. (Dw 17:17) Gake agbalẽfialawo kple Farisitɔ dadalawo ya dina be amewo nakpɔ yewo ado gbe na yewo le teƒe siawo tɔgbi.
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Mt 20:20, 21
Zebedeo viwo dada: Eyae nye apostolo Yakobo kple Yohanes dada. Le Marko ƒe nuŋlɔɖia me la, Yakobo kple Yohanes ye te ɖe Yesu ŋu. Edze ƒãa be woawoe le nua biam, gake woto wo dada Salome, ame si anya nye Yesu dada nɔvi dzi.—Mt 27:55, 56; Mr 15:40, 41; Yh 19:25.
ɖeka nanɔ anyi ɖe wò ɖusime eye evelia ɖe wò miame: Le afi sia la, nɔƒe eveawo katã nye bubunɔƒe kple ŋusẽnɔƒe, gake ɖusime ye nye teƒe si ŋu bubu le wu.—Ps 110:1; Dw 7:55, 56; Ro 8:34.
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Mt 20:26, 28
subɔla: Alo “dɔla.” Zi geɖe la, Biblia zãa Helagbe me nya di·aʹko·nos tsɔ ɖɔa ame si lɔ̃na faa bɔbɔa eɖokui be yeasubɔ ame bubuwo. Wozã nya sia na Kristo (Ro 15:8), Kristo ƒe subɔlawo alo dɔlawo (1Ko 3:5-7; Kol 1:23), subɔsubɔdɔwɔlawo (Flp 1:1; 1Ti 3:8), ame siwo subɔna le aƒewo me (Yh 2:5, 9) kple dziɖuɖumegãwo (Ro 13:4).
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi:
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 21:9
Míeɖe kuku, xɔ na: Egɔmeɖeɖe tẽe, “Hosana.” Woɖe Helagbe me nya sia tso Hebrigbe me nya si fia “míeɖe kuku, xɔ na” alo “míedo gbe ɖa be nàxɔ na” la me. Wozã nya sia le afi sia wònye kukuɖeɖe na Mawu be wòaxɔ na ame aɖe alo ana woaɖu aʋa dzi; woagate ŋu aɖe egɔme be “míeɖe kuku, na ɖeɖe.” Emegbe eva nye nya si wogblɔna le gbedodoɖa me kple kafukafunya. Hebrigbe me nya sia dze le Ps 118:25; Psalmo sia nye Hallel Psalmo siwo wodzina edziedzi le Ŋutitotozãa ɖuɣi ƒe akpa aɖe. Eya ta nya siawo vaa susu me na ame bɔbɔe le azã sia ɖuɣi. Mɔ ɖeka aɖe si dzi Mawu to ɖo gbedodoɖa sia ŋu tsɔ xɔ na David Vi lae nye ale si wòfɔe tso ame kukuwo dome. Le Mt 21:42, la, Yesu ŋutɔ yɔ nya tso Ps 118:22, 23 eye wògblɔ be eku ɖe Mesia la ŋu.
David Vi la: Nya sia na wòdze ƒãa be wolɔ̃ ɖe edzi be Yesu tso David ƒe ƒomea me, eye eyae nye Mesia si ŋugbe wodo.
Biblia Xexlẽ
March 12-18
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 22-23
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 22:37
dzi: Ne wozãe le kpɔɖeŋumɔ nu la, nya sia fiana ame si ame nye le ememe bliboe zi geɖe. Gake ne woyɔe kpe ɖe “luʋɔ” kple “tamesusu,” ŋu la, gɔmesese aɖe koŋ ye nɔa eŋu eye wòfia ame ƒe seselelãmewo kple didiwo. Nya etɔ̃ siwo katã wozã le afi sia (dzi, luʋɔ kple tamesusu) mefia nu ɖeka o; ke boŋ wode nu wo nɔewo me, eye esia le gbe tem ɖe edzi be ele be lɔlɔ̃ blibo si nu sẽ nanɔ ame si na Mawu.
luʋɔ: Alo “ameti bliboa.”
tamesusu: Efia tamebubuŋutete. Ele be ame nazã eƒe tamebubuŋutete atsɔ anya Mawu eye eƒe lɔlɔ̃ na Mawu nanɔ dzidzim ɖe edzi. (Yh 17:3, etenuŋɔŋlɔ; Ro 12:1) Le Hebrigbe gbãtɔ si me woyɔ nya sia tsoe le 5Mo 6:5 la, wozã nya etɔ̃ siwo nye ‘dzi, luʋɔ kple ŋusẽ.’ Gake le Mateo ƒe nuŋlɔɖia si le Helagbe me me la, ezã “tamesusu” ɖe “ŋusẽ” teƒe. Anye susu vovovowo tae wozã nya vovovowo ɖo. Gbã la, togbɔ be nya aɖeke koŋ mele blema Hebrigbe me na “tamesusu” o hã, gɔmesese si le tamesusu ŋu la be ɖe Hebrigbe me nya “dzi” la me. Ne wozã nya sia le kpɔɖeŋumɔ nu la, efiaa ame si ame nye le ememe bliboe, ame ƒe tamebubu, seselelãmewo, nɔnɔmewo kple nu si ʋãa ame wòwɔa nu la katã. (5Mo 29:4; Ps 26:2; 64:6; kpɔ numeɖeɖe si ku ɖe dzi ŋu le mawunyakpukpui sia me.) Le susu sia taa, afi si Hebri ŋɔŋlɔa zã nya “dzi” le la, Helagbe me Septuagint ya zã “tamesusu” zi geɖe. (1Mo 8:21; 17:17; Lod 2:10; Yes 14:13) Susu bubu si ta Mateo anya zã Helagbe me nya “tamesusu” ke menye “ŋusẽ” o, esi wònɔ nya yɔm tso 5Mo 6:5 ye nye be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ŋusẽ [alo, “agbeŋusẽ,” etenuŋɔŋlɔ]” ate ŋu afia ŋusẽ, tamebubu alo tamebubuŋutete. Aleke kee wòɖale o, ale si Hebri kple Helagbe me nya siawo de nu wo nɔewo me na míekpɔ nu si tae esi Nyanyuigbalẽa ŋlɔlawo nɔ nya yɔm tso Mose Ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia me la, womezã nya ɖeka mawo ke o.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 22:39
Evelia: Le Mt 22:37 la, woŋlɔ ale si Yesu ɖo nya ŋu tẽe na Farisitɔ aɖe la ɖe afi ma, gake le nya ma ŋu ɖoɖo vɔ megbe la, Yesu he susu yi sedede evelia dzi (3Mo 19:18), tsɔ fia be sedede eveawo de nu wo nɔewo me eye be wotu Se blibo la katã kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe wo dzi.—Mt 22:40.
hawòvi: Helagbe me nya si wozã na “hawòvi” (egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si te ɖe ame ŋu”) la mefia ame siwo tsɔ ame gbɔ ko o. Ate ŋu afia ame sia ame si míedo goe.—Lk 10:29-37; Ro 13:8-10.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 22:40
Se la . . . nyagblɔɖilawo: “Se la” fia Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ va se ɖe Mose Ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia. “Nyagblɔɖilawo” fia nyagblɔɖigbalẽ siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Ke hã ne woyɔ nya evea ɖe du la, woate ŋu ase egɔme be efia Hebri Ŋɔŋlɔ bliboa.—Mt 7:12; 22:40; Lk 16:16.
Wotu: Helagbe me dɔwɔnya sia gɔmeɖeɖe tẽe ye nye “wotu ɖe.” Eya ta Yesu nɔ gbɔgblɔm be wotu Hebri Ŋɔŋlɔ bliboa katã ɖe lɔlɔ̃ dzi, ke menye Se la kple Se Ewoawo ɖeɖe ko o.—Ro 13:9.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi:
wtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 22:21
nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro: Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo sia kple esiwo dze le Mr 12:17 kple Lk 20:25 katã fia be Roma fiagã ƒe nya gblɔm wòle. “Nu siwo nye Kaisaro tɔ” la ƒe ɖewoe nye adzɔ siwo míexena ɖe dɔ siwo dziɖuɖua wɔ na ame ta, ade bubu dziɖuɖua ŋu, alo abɔbɔ ɖe ŋusẽtɔ mawo ƒe ŋusẽ te va se ɖe afi si sɔ.—Ro 13:1-7.
mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu: Nu siawo ƒe ɖewoe nye subɔsubɔ kple dzi blibo, alɔ̃ Mawu kple luʋɔ blibo eye woaɖo toe bliboe awɔ nuteƒe nɛ.—Mt 4:10; 22:37, 38; Dw 5:29; Ro 14:8.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 23:24
siwo tsyɔa nu dzodzoe sue, gake mia kposɔ: Nudzodzoe kple kposɔ le lã sue kple lã gã siwo nye lã makɔmakɔ siwo Israel-viwo nya la dome. (3Mo 11:4, 21-24) Yesu zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia wònye amiɖeɖe ɖe nya si ɖi kokoe, esi wògblɔ be subɔsubɔhakplɔlawo tsyɔa woƒe nunonowo ale be yewoagatsɔ nudzodzoe agblẽ kɔ ɖo na yewo ɖokuiwo o, gake woŋea aɖaba ƒua nu vevi siwo le Sea me la dzi, eye esia sɔ kple ale si woami kposɔ.
Biblia Xexlẽ:
March 19-25
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 24
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 24:8
fuɖuame: Helagbe me nya sia fia veve si wosena le vidziɣi. Togbɔ be wozãe le afi sia wòfia xaxa, vevesese kple fukpekpe hã la, ate ŋu afia be, abe fuɖuame ene la, kuxi kple fukpekpe siwo ŋu nya wogblɔ ɖi la, anɔ dzidzim ɖe edzi kabakaba, wo nu anɔ sesẽm ɖe edzi eye woanɔ anyi eteƒe nadidi hafi xaxa gã si ƒe nya wogblɔ le Mt 24:21 la nava.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 24:20
vuvɔŋɔli: Esi tsi dzana vevie, tɔwo ɖɔna eye vuvɔ wɔna le ɣeyiɣi sia me ta la, mɔzɔzɔ sesẽna eye dzeƒe kple nuɖuɖu kpɔkpɔ hã mele bɔbɔe o.—Ezr 10:9, 13.
Sabat ŋkeke dzi: Le nutowo abe Yudea ene me la, Sabat sewo na wòsesẽna be woazɔ mɔ legbewo eye woatsɔ agbawo, azɔ hãa, wotua dugbowo le Sabat dzi.—Kpɔ Dw 1:12 kple Megbenyawo B12.