November 26–December 2
DƆWƆWƆWO 6-8
Hadzidzi 124 Kple Gbedodoɖa
Ŋgɔdonyawo (3 min. alo made o)
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME
“Wodo Kristo Hame Yeye La Kpɔ”: (10 min.)
Dw 6:1—Edze ƒãa be wowɔ nu ameŋkumekpɔkpɔtɔe si wɔe be wogble ahosi siwo nye Helagbe dolawo ɖi le hamea me (bt-E 41 ¶17 [bt-F 41 ¶17])
Dw 6:2-7—Apostoloawo ɖe afɔ tsɔ kpɔ kuxia gbɔ (bt-E 42 ¶18 [bt-F 42 ¶18])
Dw 7:58–8:1—Woti hamea yome vevie
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi: (8 min.)
Dw 6:15—Aleke míase nya si wogblɔ be Stefano ƒe mo va “le abe mawudɔla ƒe mo ene” la gɔmee? (bt-E 45 ¶2 [bt-F 45 ¶2])
Dw 8:26-30—Mɔnukpɔkpɔ kawoe le ʋuʋu ɖi na Kristotɔ siwo li egbea be woawɔ dɔ si tɔgbi Filipo wɔ la? (bt-E 58 ¶16 [bt-F 58 ¶16])
Nu kae kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ fia wò tso Yehowa ŋu?
Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu bubu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me?
Biblia Xexlẽ: (4 min. alo made o) Dw 6:1-15
NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI
Tɔtrɔyi Evelia: (3 min. alo made o) Zã kpɔɖeŋudzeɖonyaa nàtsɔ adze wò dɔa gɔme. Kpee be wòade kpekpeawo.
Tɔtrɔyi Etɔ̃lia: (3 min. alo made o) Wò ŋutɔ tia ŋɔŋlɔ si nàzã, eye nàna míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽ ɖeka amea.
Biblia Nusɔsrɔ̃: (6 min. alo made o) lv 32-33 ¶16-17
KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
“Na Nu Yehowa”: (15 min.) Numedzodzro si hamemetsitsi awɔ. Na woaɖe video si nye ‘Nusi Míetsɔ Naa Yehowa’ nàtsɔ adze wò dɔa gɔme. (Ʋu Videowo eye nàyi MÍAƑE HABƆBƆA) Xlẽ lɛta si tso alɔdzedɔwɔƒea ku ɖe ale si wokpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo míedzɔ le subɔsubɔƒe si va yi me la ŋu. Ƒo nu tso ale si wòɖea vi na míawo ŋutɔwo ne míedzɔ nu la ŋu. Gblɔ nu siwo ŋu miezãa hamea ƒe ga ɖo ɣleti sia ɣleti. Ƒo nu tso ale si míawɔ adzɔ nui ŋu, eye nàgblɔ ale si wozãa ga siawoe. Kafu nɔviawo ɖe ale si wodzɔa nu faa la ta.
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: (30 min.) jy ta 43, ¶19-29
Numetoto; Eyome He Susu Yi Nu Siwo Míasrɔ̃ Kwasiɖa Si Gbɔna Dzi (3 min.)
Hadzidzi 67 Kple Gbedodoɖa