NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | DƆWƆWƆWO 6-8
Wodo Kristo Hame Yeye La Kpɔ
Wowɔ nu ameŋkumekpɔkpɔtɔe ɖe ahosi siwo nye Helagbe dola siwo xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o siwo nɔ Yerusalem wòdidi vie la ŋu. Ðe ale si wowɔ nu ɖe wo ŋu la ɖia wo nu loo alo ɖe wogbɔ dzi ɖi kpɔ Yehowa sinu be wòakpɔ nyaa gbɔa?
Esi woƒu kpe Stefano vɔ megbe eye woti Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem la yome vevie si na wo kaka ɖe Yudea kple Samaria la, ɖe esia wɔe be wo gbɔdzɔ le subɔsubɔdɔa mea?
Yehowa kpe ɖe Kristotɔ hame yeyea ŋu wòdo dzi eye wòdzi ɖe edzi.—Dw 6:7; 8:4.
BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Aleke mewɔa nui ne nɔnɔme sesẽwo va dzinye?’