INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb19 February axa 8
  • Yi Edzi Nàtsɔ Dzidodo Anɔ Lalam

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yi Edzi Nàtsɔ Dzidodo Anɔ Lalam
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mègana Naneke Nawɔe Be Fetua Nato Ŋuwò O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Nɔ Yehowa Ƒe Habɔbɔa Ŋu Kplikplikpli
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Woɖoa Dzidodo Teƒe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
mwb19 February axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Yi Edzi Nàtsɔ Dzidodo Anɔ Lalam

Ɣeyiɣi didi kae nye esia nèle lalam be Mawu Fiaɖuƒea nava? Togbɔ be èle nɔnɔme sesẽwo me tom hã, ɖe nèyi edzi le lalam dzigbɔɖitɔea? (Ro 8:25) Wolé fu Kristotɔ aɖewo, wɔa ŋlɔmi le wo ŋu, dea wo gaxɔ me, alo tsɔ ku gɔ̃ doa ŋɔdzi na wo. Dɔmavɔleameŋu alo tsitsi hã nye kuxi siwo me tom mía nɔvi gbogbo aɖewo le.

Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatsɔ didi vevie anɔ lalam le nɔnɔme sesẽwo me? Ele be míaxlẽ Biblia gbe sia gbe eye míade ŋugble le eŋu be wòado ŋusẽ míaƒe xɔse. Ele be nu siwo míele mɔ kpɔm na nanɔ susu me na mí. (2Ko 4:16-18; Heb 12:2) Ele be míado gbe ɖa aƒo koko na Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea nado ŋusẽ mí. (Lk 11:10, 13; Heb 5:7) Mía Fofo si lɔ̃ mí la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘míado dzi bliboe le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me.’—Kol 1:11.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ELE BE ‘MÍATSƆ DZIDODO ANƆ DUÐIMEKEKEA DZI’—KA ÐE EDZI BE YEAXƆ FETUA, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Sam kple srɔ̃a wole gbeadzi

    “Nuɖiɖeame” kawoe ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi le agbe me? (Nyg 9:11)

  • Wɔlanyo le ŋɔŋlɔ aɖe xlẽm na Sam, esi tutudɔa dze edzi megbe

    Ne míedo gbe ɖa le nɔnɔme sesẽwo me la, aleke wòate ŋu akpe ɖe mía ŋui?

  • Sam kple Wɔlanyo va srã atsu kple asi aɖe kpɔ

    Ne míegate ŋu le dɔ geɖe wɔm na Yehowa abe tsã ene o la, nu ka tae wòle be míaƒe susu nanɔ esi míete ŋu le wɔwɔm fifia ŋu?

  • Sam le ekpɔm ɖaa le susu me be yeagava nɔ lãmesẽ me le Paradiso me

    Na wò susu nanɔ fetua dzi

    Nu kae kpena ɖe ŋuwò nèkana ɖe edzi be yeƒe asi asu fetua dzi?

Mɔ kawo nue nàte ŋu akpe ɖe ame siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom kple woƒe ƒomewo ŋu le?

  • Gblɔ nya siwo afa akɔ na wo, eye mègatsɔ wo sɔ kple ame bubuwo o

  • Ðo to wo nyuie

  • Ðo gbe ɖa ɖe wo ta, eye nàdoe ɖa kpli wo hã

  • Ða nu na wo alo nàwɔ aƒemedɔ aɖewo na wo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe