INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • od ta 17 axa 169-178
  • Nɔ Yehowa Ƒe Habɔbɔa Ŋu Kplikplikpli

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ Yehowa Ƒe Habɔbɔa Ŋu Kplikplikpli
  • Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SIWO TA DODOKPƆWO LE DZIDZIM ÐE EDZI
  • DZIDODOSƆSRƆ̃
  • DZIDODO LE DODOKPƆ VOVOVOWO ME
  • ÐOE KPLIKPAA BE YEAYI EDZI AWƆ NUTEƑE
  • “Mina Dzidodo Nawu Eƒe Dɔwɔwɔ Nu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Woɖoa Dzidodo Teƒe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Dzidodo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Gbeƒãɖeɖe Bia Dzidodo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Kpɔ Bubuwo
Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
od ta 17 axa 169-178

TA 17

Nɔ Yehowa Ƒe Habɔbɔa Ŋu Kplikplikpli

NUSRƆ̃LA Yakobo ŋlɔ bena: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yak. 4:8) Ɛ̃, togbɔ be míede blibo o hã la, Yehowa mekɔ akpa alo le adzɔge boo tso mía gbɔ be mate ŋu ase míaƒe gbedodoɖawo o. (Dɔw. 17:27) Aleke míawɔ ate ɖe Mawu ŋu? Míate ŋu awɔ esia ne míena ƒomedodo nyui va le mía kple Yehowa dome, eye gbedodoɖa hã wɔa akpa vevi aɖe le esia me. (Ps. 39:12) Míagate ŋu ana mía kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli ne míesrɔ̃a eƒe Nya, Biblia la, edziedzi. Esia wɔnɛ be míeva nyaa Yehowa Mawu, eƒe tameɖoɖowo kple nu si wòdi tso mía si. (2 Tim. 3:16, 17) Míetoa esia me srɔ̃a ale si míalɔ̃e, eye esia wɔnɛ be vɔvɔ̃ nyuitɔ nɔa mía me na eyama be míagawɔ nu si madze eŋu o.—Ps. 25:14.

2 Gake hafi mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la, Via, Yesu dzi koe wòle be míato. (Yoh. 17:3; Rom. 5:10) Amegbetɔ aɖeke mate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya Yehowa ƒe tamesusu nyuie o, negbe Yesu ko. Eya kple Fofoa dome le kplikplikpli ale gbegbe be wòte ŋu gblɔ be: “Ame aɖeke menya ame si Vi la nye o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke menya ame si Fofo la nye o, negbe Vi la, kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia la ko.” (Luka 10:22) Eya ta ne míele Nyanyuigbalẽawo srɔ̃m be míanya Yesu ƒe tamesusu kple ale si wòsena le eɖokui me la, ekema míele nu srɔ̃m tso Yehowa ƒe tamesusuwo kple eƒe seselelãme ŋu. Sidzedze sia kpena ɖe mía ŋu be míate ɖe mía Mawu la ŋu kplikplikpli.

3 Míenɔa ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa le Via ƒe kpɔkplɔ te ne míeyi edzi le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi, si kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a ale si míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nui la, ŋu kplikplikpli. Abe ale si wogblɔe ɖi le Mateo 24:45-47 ene la, Aƒetɔ Yesu Kristo ɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” be wòana “nuɖuɖu” haxɔsetɔwo “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” Egbea, kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela sia naa gbɔgbɔmenuɖuɖu geɖe mí. Yehowa toa kluvi sia dzi xlɔ̃a nu mí be míanɔ yeƒe Nya la xlẽm gbe sia gbe, anɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem edziedzi ahanɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖe “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la me bliboe. (Mat. 24:14; 28:19, 20; Yos. 1:8; Ps. 1:1-3) Mele be míaŋlɔ be gbeɖe o be Mawue le kluvi nuteƒewɔlaa zãm. Ele be míadze agbagba be míanɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ŋu kplikplikpli ahawɔ ɖe eƒe mɔfiafia dzi. Ana míagate ɖe mía Mawu Yehowa ŋu kplikplikpli wu, eye esia ado ŋusẽ mí ahakpɔ mía ta ne míele dodokpɔwo me tom.

NU SIWO TA DODOKPƆWO LE DZIDZIM ÐE EDZI

4 Ðewohĩ ƒe geɖee nye esia nèle nyateƒea me. Ne nenemae la, ke ènya nu si wòfia be woado dzi le nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔwo me. Gake ne nyitsɔ laa koe nèva dze si Yehowa hele ha dem kple eƒe amewo gɔ̃ hã la, ènyae be Satana Abosam tsia tsitre ɖe ame sia ame si bɔbɔna ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te la ŋu. (2 Tim. 3:12) Eya ta dodokpɔ siwo me nèto la ɖasɔ gbɔ alo le ʋɛ o, susu aɖeke meli si ta nàvɔ̃ alo dzi naɖe le ƒowò o. Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò eye yeatsɔ ɖeɖekpɔkpɔ kple agbe si gbɔna la aɖo eteƒe na wò.—Heb. 13:5, 6; Nyaɖ. 2:10.

5 Dodokpɔwo agate ŋu ava mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi le Satana ƒe nuɖoanyia ƒe ŋkeke mamlɛ siawo me. Tso esime woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me la, womegaɖe mɔ na Satana be wòayi dziƒo afi si Yehowa le o. Wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba dzi, eye wona eya kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tsi anyigba ƒe nutowo me. Esi dzi le Satana kum ŋutɔ tae xaxawo le dzidzim ɖe edzi eye wole Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo yome tim ɖo, eye esia nye kpeɖodzi be míele ale si wòle ameƒomea dzi ɖum vɔ̃ɖitɔe la ƒe ŋkeke mamlɛawo me.—Nyaɖ. 12:1-12.

6 Gbɔɖiame ƒe nɔnɔme si me Satana le la na dzi le ekum vevie, eye enyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye. Eya kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le agbagba ɖe sia ɖe dzem be yewoaxe mɔ ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nu ahagblẽ Yehowa ƒe amewo ƒe ɖekawɔwɔ me. Esia wɔe be míeva le gbɔgbɔmeʋa aɖe wɔm. Biblia gblɔ tso aʋa sia ŋu be: “Míele kame tem, menye kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖuɖuwo, ŋusẽwo, xexe doviviti sia me dziɖulawo kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.” Hafi míakpɔtɔ anɔ Yehowa ƒe akpa dzi ahaɖu dzi le aʋa sia me la, mele be míana ta o, ke boŋ ele be míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnu bliboa nakpɔtɔ anɔ mía ŋu. Ele be míanɔ “te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.” (Ef. 6:10-17) Esia bia dzidodo.

DZIDODOSƆSRƆ̃

7 Dzidodo fia “tenɔnɔ sesĩe le fukpekpe alo xaxawo me.” Le gbɔgbɔ me gɔmesese nu la, dzidodo fia tenɔnɔ sesĩe le nu si le eteƒe la wɔwɔ me ne míele fukpekpe, tsitretsiɖeŋu, yometiti, alo nɔnɔme bubu ɖe sia ɖe si ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ aƒoe ɖe mía nu be míadzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Mawu la me tom. Ele be Kristotɔwo nasrɔ̃ dzidodo. Esia xɔa ɣeyiɣi. Zi ale si míele tsitsim le gbɔgbɔ me la, zi nenemae míedoa dzii. Ne míedoa dzi le xɔse ƒe dodokpɔ suesuesuewo me esime míedze Kristotɔwo ƒe mɔa zɔzɔ gɔme la, ŋusẽ gaɖoa mía ŋu geɖe wu be míado dzi le dodokpɔ siwo sesẽ wu, siwo ava godoo la me. (Luka 16:10) Mele be míalala be dodokpɔ sesẽwo nava mía dzi hafi míaɖo tame kplikpaa be míanɔ te sesĩe le xɔse me o. Ele be míaɖoe kplikpaa be míado dzi hafi dodokpɔa nava. Esime apostolo Petro nɔ eɖem fia be ele be míasrɔ̃ dzidodo hekpe ɖe nɔnɔme nyui bubu siwo dzea Mawu ŋu ŋuti la, eŋlɔ bena: “Miku kutri vevie miatsɔ nɔnɔme nyui akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, nenema ke sidzedze nekpe ɖe miaƒe nɔnɔme nyui ŋu, ɖokuidziɖuɖu nekpe ɖe miaƒe sidzedze ŋu, dzidodo nekpe ɖe miaƒe ɖokuidziɖuɖu ŋu, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nekpe ɖe miaƒe dzidodo ŋu, nɔvilɔlɔ̃ nekpe ɖe miaƒe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ŋu, lɔlɔ̃ nekpe ɖe miaƒe nɔvilɔlɔ̃ ŋu.”—2 Pet. 1:5-7; 1 Tim. 6:11.

Zi ale si míele go dom dodokpɔwo gbe sia gbe hele wo dzi ɖum la, zi nenemae míaƒe dzidodo ƒe ŋutetea gadzina ɖe edzi

8 Yakobo he susu yi ale si wòle vevie be míasrɔ̃ dzidodoe dzi esime wòŋlɔ bena: “Nɔvinyewo, ne miedo go tetekpɔ vovovowo la, mibui dzidzɔ sɔŋ, esi mienyae be miaƒe xɔse ƒe nyonyome sia si wodo kpɔ la hea dzidodo vanɛ ta. Ke mina dzidodo nawu eƒe dɔwɔwɔ nu bliboe, ale be mianɔ blibo, eye miade keŋkeŋ le goawo katã me, eye naneke nagahiã mi o.” (Yak. 1:2-4) Yakobo gblɔ be ele be Kristotɔwo nakpɔ mɔ na dodokpɔwo eye woaxɔe kple dzidzɔ, elabena dodokpɔwo kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a dzidodo. Nenemae nèbunɛa? Eyome Yakobo yi edzi ɖee fia be ele be dzidodo nawɔ dɔ le mía me, be wòana míaƒe Kristotɔwo ƒe amenyenyea nade blibo, ale be míadze Mawu ŋu nyuie wu. Ɛ̃, zi ale si míele go dom dodokpɔwo gbe sia gbe hele wo dzi ɖum la, zi nenemae míaƒe dzidodo ƒe ŋutetea gadzina ɖe edzi. Eye dzidodo ŋutɔ hã nana nɔnɔme nyui bubu siwo míehiã la sua mía si.

9 Míaƒe dzidodo dzea Yehowa ŋu; aʋãe be wòatsɔ agbe mavɔ aɖo eteƒe na mí. Yakobo yi edzi be: “Dzidzɔtɔe nye ame si doa dzi le tetekpɔ me, elabena ne wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la, axɔ agbefiakuku si ŋugbe Yehowa do na ame siwo lɔ̃nɛ la.” (Yak. 1:12) Ɛ̃, míedoa dzi, elabena míedi be míakpɔ agbe. Ne míedo dzi o la, míate ŋu anɔ nyateƒea me o. Ne míena ta le xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo me la, esia ana míagbugbɔ ayi xexea me. Ne míedo dzi o la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ maganɔ mía dzi o, eye esia ana be míate ŋu atse gbɔgbɔa ƒe ku le míaƒe agbenɔnɔ me o.

10 Hafi míate ŋu ayi edzi ado dzi le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, ehiã be tamesusu nyuitɔ nanɔ mía si ku ɖe fukpekpe siwo vaa Kristotɔwo dzi ŋu. Ðo ŋku edzi be Yakobo ŋlɔ bena: “Mibui dzidzɔ sɔŋ.” Esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, elabena ate ŋu anɔ eme be míakpe fu le ŋutilã me alo míase veve le dzi me. Gake ɖo ŋku edzi be, ne mèdo dzi o la, agbe si nànɔ le etsɔme la abɔ wò. Nane si me apostoloawo to la ŋu bubu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míate ŋu akpɔ dzidzɔe ne míele fukpekpewo me tom. Ŋutinyaa dze le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me; nuŋlɔɖia gblɔ be: “Woyɔ apostoloawo vɛ, ƒo wo, eye wode se na wo be woadzudzɔ nuƒoƒo le Yesu ƒe ŋkɔ me, eye woɖe asi le wo ŋu wodzo. Eya ta wodzo le Sanhedrin la ŋkume, eye wonɔ dzidzɔ kpɔm be wobu yewo be yewodze woado vlo yewo le eƒe ŋkɔ la ta.” (Dɔw. 5:40, 41) Apostoloawo se egɔme be yewoƒe fukpekpea nye kpeɖodzi be yewowɔ Yesu ƒe sededea dzi eye Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu. Le ƒe aɖewo megbe la, Petro ƒo nu tso asixɔxɔ si le fukpekpe le dzɔdzɔenyenye ta ŋu.—1 Pet. 4:12-16.

11 Nudzɔdzɔ bubue nye esi ku ɖe Paulo kple Sila ŋu. Esime wonɔ woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm le Filipi la, wolé wo eye wotso wo nu be wole zitɔtɔ dem dua me eye wole kɔnyinyi siwo mele se nu o la fiam. Esia ta woƒo wo vevie eye wode wo gaxɔ me. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ na mí be togbɔ be wokpɔtɔ nɔ gaxɔa me eye womeklɔ woƒe abiawo o hã la, “le zã titina lɔƒo la, Paulo kple Sila le gbe dom ɖa hele ha dzim le Mawu kafum; eye gamenɔlawo nɔ wo ŋkɔ sem.” (Dɔw. 16:16-25) Paulo kple eƒe zɔhɛa bui be menye ɖeko yewoƒe fukpekpe ɖe Kristo ta nye kpeɖodzi be yewonye nuteƒewɔlawo le Mawu kple amegbetɔwo ŋkume o, ke eganye mɔnukpɔkpɔ na yewo hã be yewoaɖi ɖase na ame siwo alɔ̃ be yewoase nya nyuia. Woƒe dzidodoa ate ŋu anye agbe na ame bubuwo hã. Le zã ma me la, gaxɔdzikpɔlaa kple eƒe aƒemetɔwo ɖo to eye wova zu nusrɔ̃lawo. (Dɔw. 16:26-34) Paulo kple Sila ɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe ŋusẽ ŋu, eye woka ɖe edzi be alé yewo ɖe te le yewoƒe fukpekpewo me godoo. Eye Yehowa hã megblẽ wo ɖi o.

12 Egbea hã Yehowa na nu siwo katã hiã be míado dzi le dodokpɔwo me la mí. Edi be míado dzi. Ena eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la mí be yeƒe tameɖoɖo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si. Esia doa ŋusẽ míaƒe xɔse. Mɔnukpɔkpɔ sua mía si míedea ha kple haxɔsetɔwo hewɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔea hã. Mɔnukpɔkpɔ si nye be míado gbe ɖa na Yehowa be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kplii dome la hã le ʋuʋu ɖi na mí. Esea míaƒe kafukafunyawo kple kuku si míeɖena nɛ vevie be wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ dzadzɛ le eŋkume la. (Flp. 4:13) Eye ŋugbledede le mɔkpɔkpɔ si wotsɔ ɖo mía ŋkume ŋu hã doa ŋusẽ mí ŋutɔ.—Mat. 24:13; Heb. 6:18; Nyaɖ. 21:1-4.

DZIDODO LE DODOKPƆ VOVOVOWO ME

13 Dodokpɔ siwo me míetona egbea la ɖi esiwo va Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dzi le go geɖe me. Egbea la, tsitretsiɖeŋula siwo se nya siwo mele eteƒe o tso mí Yehowa Ðasefowo ŋu la dzua mí hewɔa nu vevi mí. Abe ale si wònɔ le apostoloawo ŋɔli ene la, subɔsubɔha me zazɛ̃nyahela siwo ƒe alakpanufiafiawo kple nuwɔnawo dzi Mawu ƒe Nya la klo nu le lae nana amewo tia mía yome zi geɖe. (Dɔw. 17:5-9, 13) Ɣeaɖewoɣi la, Yehowa ƒe amewo kpɔa gbɔdzɔe ne wotsɔ woƒe nyawo yi setɔwo gbɔ le gomenɔamesi si dunyahedziɖuɖuwo na dumeviwo ta. (Dɔw. 22:25; 25:11) Ke hã, dziɖulawo hã xea mɔ ɖe míaƒe dɔa nu kple susu be yewoatɔ te míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa. (Ps. 2:1-3) Ne edzɔ alea la, míesrɔ̃a apostolo wɔnuteƒeawo ƒe kpɔɖeŋu dzinɔameƒotɔe, esi wogblɔ be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔw. 5:29.

14 Esi dukɔmevinyenye ƒe gbɔgbɔ nu le sesẽm ɖe edzi le anyigba katã dzi ta la, nyaƒoɖeamenua nu le sesẽm fifia wu tsã be nya nyui gbeƒãɖelawo naɖe asi le subɔsubɔdɔ si Mawu de asi na wo la ŋu. Mawu subɔlawo katã va se nuxlɔ̃ame si le Nyaɖeɖefia 14:9-12 ku ɖe tadedeagu na “lã wɔadã la kple eƒe legba” ŋu la gɔme nyuie wu. Vevienyenye si le Yohanes ƒe nyawo ŋu la me va kɔ na mí, esi wògblɔ be: “Afi siae ame kɔkɔewo ƒe dzidodo hiã le, ame siwo léa Mawu ƒe sewo kple Yesu dzi xɔse me ɖe asi.”

15 Dodokpɔ siwo aʋawɔwɔ, dunyahehe me tɔtrɔ kpatawo, alo mía yome titi tẽe kple dziɖuɖuwo ƒe mɔxeɖenuwo hena vɛ la ate ŋu ana be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa manya wɔ na wò le gaglãgbe o. Ðewohĩ hamea magate ŋu anɔ ƒu ƒom o. Ðewohĩ kadodo maganɔ hamea kple alɔdzedɔwɔƒea dome o. Ate ŋu adzɔ be nutome sue dzikpɔlawo ƒe sasrãkpɔwo me natso vie. Ðewohĩ agbalẽwo magava nɔ hamea si kam o. Ne nu siawo dometɔ aɖe dzɔ ɖe, nu kae wòle be nàwɔ?

16 Ŋuɖoɖoa ye nye be, wɔ nu sia nu si anya wɔ na wò ale si nàte ŋui le ale si nɔnɔmeawo le nu. Ðokuisinusɔsrɔ̃ ya anya wɔ. Zi geɖe la, nɔviwo ƒe ƒuƒoƒo suewo ate ŋu akpe le aƒewo me hena nusɔsrɔ̃. Miate ŋu azã agbalẽ siwo míesrɔ̃ va yi kple Biblia la ŋutɔ atsɔ awɔ kpekpeawoe. Mègatsi dzodzodzoe alo atsi dzimaɖi o. Zi geɖe la, Dɔdzikpɔha la toa mɔ aɖe dzi doa ka kple nɔvi siwo le agbanɔamedzinɔƒewo la le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.

17 Ne woɖe wò ɖe aga tso nɔviwò Kristotɔwo katã gbɔ gɔ̃ hã la, ɖo ŋku edzi be womeɖe wò ɖe aga tso Yehowa kple Via, Yesu Kristo, ya gbɔ o. Wò mɔkpɔkpɔ ate ŋu akpɔtɔ ali ke sesĩe. Yehowa agate ŋu ase wò gbedodoɖawo kokoko, eye ate ŋu atsɔ eƒe gbɔgbɔ la ado ŋusẽ wò. Di eƒe mɔfiafia. Ðo ŋku edzi be Yehowa subɔla kple Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lae nènye. Eya ta wɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋu dɔ nyuie nàtsɔ aɖi ɖase. Yehowa ayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi, eye eteƒe madidi o ame bubuwo ava wɔ ɖeka kpli wò le subɔsubɔ vavãtɔa me.—Dɔw. 4:13-31; 5:27-42; Flp. 1:27-30; 4:6, 7; 2 Tim. 4:16-18.

18 Ne èdze ŋgɔ ku ƒe ŋɔdzidodowo abe ale si wòdzɔ ɖe apostoloawo kple ame bubuwo dzi ene gɔ̃ hã la, ɖo dzi ɖe “Mawu, ame si fɔa ame kukuwo ɖe tsitre la ŋu.” (2 Kor. 1:8-10) Tsitretsitsi ƒe ɖoɖo si wòwɔ la dzi xɔxɔ se ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi le tsitretsiɖeŋu sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me. (Luka 21:19) Kristo Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi; enya be yeƒe nuteƒewɔwɔ le dodokpɔ me ado ŋusẽ ame bubuwo hã be woado dzi. Wò hã àte ŋu ado ŋusẽ nɔviwòwo le mɔ ma ke nu.—Yoh. 16:33; Heb. 12:2, 3; 1 Pet. 2:21.

19 To vovo na tsitretsiɖeŋu kple yometitiwo la, ahiã be nàdo dzi le nɔnɔme sesẽ bubuwo me. Le kpɔɖeŋu me, dzi va ɖe le gbeƒãɖela aɖewo ƒo le woƒe anyigbamama me tɔwo ƒe ɖekematsɔleme ta. Eva hiã be nɔvi aɖewo hã nado dzi le woawo ŋutɔwo ƒe lãmegbegblẽ alo seselelãmekuxiwo ta, alo le amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ bubuwo ta. Nenema kee wòhiã be apostolo Paulo nado dzi le dodokpɔ aɖe si do kplamatsɛ eƒe subɔsubɔdɔa alo na be wòsesẽ nɛ ɣeaɖewoɣi la me. (2 Kor. 12:7) Eye Epafrodito, si nye ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ si tso Filipi la hã ‘lé blanui be ye xɔlɔ̃wo se be yeva dze dɔ.’ (Flp. 2:25-27) Ame bubuwo ƒe blibomademadewo kple míawo ŋutɔwo tɔwo ate ŋu ahe kuxi siwo me dzidodo sesẽna le ava mía dzi. Masɔmasɔwo ate ŋu aɖo mía kple hati Kristotɔwo alo míaƒe ƒometɔwo gɔ̃ hã dome. Gake ame siwo wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Yehowa ƒe Nyaa me dzi la ate ŋu ado dzi le kuxi mawo me dzidzedzetɔe ahaɖu wo dzi.—Eze. 2:3-5; 1 Kor. 9:27; 13:8; Kol. 3:12-14; 1 Pet. 4:8.

ÐOE KPLIKPAA BE YEAYI EDZI AWƆ NUTEƑE

20 Ele be míaku ɖe Yesu Kristo, ame si Yehowa ɖo hamea ƒe Tae la, ŋu goŋgoŋ. (Kol. 2:18, 19) Ehiã be míawɔ dɔ kplikplikpli kple “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” kpakple ame siwo woɖo dzikpɔlawoe la. (Heb. 13:7, 17) Ne míeléa teokrasiɖoɖowo me ɖe asi sesĩe hewɔa nu aduadu kple ame siwo le ŋgɔ xɔm la, ana míawɔ nu ɖe ɖoɖo nu ahawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Ehiã be míawɔ gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ bliboe. Ðo ŋku edzi be gaxɔ alo ameɖekɛgaxɔ me nɔnɔ gɔ̃ hã mate ŋu atso kadodo si le mía kple mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo dome la me loo, alo agblẽ ɖekawɔwɔ si le mía kple hati mawusubɔlawo dome la me o.

21 Mina míaɖoe kplikpaa atsɔ dzidodo awɔ nu sia nu si míate ŋui be míawu gbeƒãɖeɖedɔ si wode asi na mí la nu bliboe ahaku kutri le dɔ si Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre ɖo na eƒe nusrɔ̃lawo katã la wɔwɔ me, esi wògblɔ be: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.” (Mat. 28:19, 20) Mina míado dzi abe ale si Yesu do dzi ene. Mina Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa kple agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa nanɔ susu me na mí nyuie. (Heb. 12:2) Esi míenye Kristo ƒe nusrɔ̃la xɔnyɔnyrɔwo ta la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míakpe asi ɖe eŋu be nya si Yesu gblɔ ɖi ku ɖe “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” ŋu la nava eme. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mat. 24:3, 14) Ne míewɔ dɔ sia kple dzi blibo fifia la, ekema míakpɔ dzidzɔ esime agbe mavɔ asu mía si le Yehowa ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe