INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/08 axa 1
  • Gbeƒãɖeɖe Bia Dzidodo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖe Bia Dzidodo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Yehowa Ƒe Habɔbɔa Ŋu Kplikplikpli
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • “Mina Dzidodo Nawu Eƒe Dɔwɔwɔ Nu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Woɖoa Dzidodo Teƒe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Gbeƒãɖeɖedɔa Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 12/08 axa 1

Gbeƒãɖeɖe Bia Dzidodo

1 Apostolo Paulo kpɔ dzidzeme geɖe le nya nyui gbɔgblɔ dɔa wɔwɔ me ƒe 30 kple edzivɔ. Gake abe ale si ko wònɔna le dɔ nyui ɖe sia ɖe wɔwɔ gome ene la, eya hã do go kuxiwo le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. (2 Kor. 11:23-29) Ke hã, Paulo mena ta o. (2 Kor. 4:1) Enyae be Yehowa ana ŋusẽ si yeatsɔ ado dzi le yeƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me la ye. (Fp. 4:13) Le ale si Paulo te ŋu do dzi nuteƒewɔwɔtɔe ta la, ete ŋu gblɔ be: “Mizu srɔ̃nyelawo, abe ale si nye hã menye Kristo srɔ̃la ene.”—1 Kor. 11:1.

2 Dzidodo Le Dodokpɔwo Me Egbea: Mía nɔvi geɖewo kpea akɔ kple ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, alo sukuhatiwo ƒe fewuɖuɖu, tsitretsiɖeŋu, alo woƒe ɖekematsɔleme gbe sia gbe. (Mat. 10:35; Yoh. 15:20) Ðewohĩ aleae wòle le gowòme. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖewohĩ èle avu wɔm kple lãmesẽkuxiwo, alo ànya nɔ agbagba dzem be susuhenuwo kple tetekpɔ siwo doa ame ƒe xɔse kple dzidodo kpɔ la nagaɖu ye dzi o. Ŋusẽ ate ŋu aɖo mía ŋu ne míedea ŋugble tso mawusubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema kple hati Kristotɔ siwo li egbea, siwo do go kuxiwo heɖu wo dzi la, ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu.—1 Pet. 5:9.

3 Ŋusẽ si hiã be míatsɔ anɔ te sesĩe le gbeƒãɖeɖedɔa me la ate ŋu asu mía si ne míekpɔ egbɔ be míedo “aʋawɔnu blibo si tso Mawu gbɔ la.” (Ef. 6:10-13, 15) Ele vevie hã be míanɔ gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mía ŋu míado dzi. Enaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí ale be míate ŋu ado dzi le dodokpɔwo me. (2 Kor. 6:4-7) Be míaɖu dzi le gbɔgbɔmeʋa si wɔm míele me la, ele be míawɔ ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinya siwo wònaa mí be míagbugbɔ dzo yeye ade mía ɖokuiwo me la dzi. (Ps. 119:24, 85-88) Abe ale si ko ɖevi aɖe axlẽ lɛta si tso fofoa si lɔ̃nɛ la gbɔ agbugbɔ axlẽe zi geɖe ene la, Biblia xexlẽ gbe sia gbe naa mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me sẽna ɖe edzi. Nunya si míatsɔ anɔ te ɖe dodokpɔwo nu la sua mía si to ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi me. Ewɔwɔ alea naa Mawu ƒe tamesusuwo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nyametsotsowo dzi, eye wòdoa ŋusẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu.—Lod. 2:10, 11.

4 Dzidodo Hea Yayrawo Vanɛ: Abe ale si wònɔ le Paulo gome ene la, dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, eye wòhea yayrawo vanɛ na mía kple ame bubuwo. (Lod. 27:11) Mina míaɖoe kplikpaa be míado dzi le gbeƒãɖeɖedɔa me ahato esia dzi aɖee afia be xɔse sẽŋu “si xɔ asi sãsãsã wu sika si gblẽna togbɔ be wotsɔa dzo donɛ kpɔ hã” lae le mía si.—1 Pet. 1:6, 7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe