Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
NOVEMBER 25–DECEMBER 1
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | NYAÐEÐEFIA 4-6
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
mwbr19.11 1 ¶1-2
Zi geɖea wozãa dzata tsɔa wɔa dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu. Ètɔ ɖe dzatatsu aɖe ŋkume kpɔa? Ne ètɔ ɖe ɖe eŋkume kpɔ la, ke anɔ eme be kpɔtɔtɔ si tsò wò kplii dome le lãwo nɔƒeae kpɔ tawò. Togbɔ be kpɔtɔtɔa li hã, vɔvɔ̃ anya ɖo wò godoo. Esi nènɔ lã klitsu sesẽ sia kpɔm le kpɔtɔtɔa me eye eya hã nɔ wò kpɔm dũu la, èkpɔe be asesẽ ŋutɔ hafi vɔvɔ̃ nana wòasi le nane nu. Biblia ƒo nu tso “dzata, si nye kalẽtɔ wu le lãwo dome, si medea megbe le ame aɖeke ŋkume o” la ŋu. (Lododowo 30:30) Dzinɔameƒo mae le Kristo si.
Na míaƒo nu tso ale si Yesu ɖe dzinɔameƒo si le abe dzata tɔ ene fia le mɔ etɔ̃ siawo nu: ale si wòʋli nyateƒea ta, ale si wòdo nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe ŋgɔ kple ale si wòdo dzi le yometiti me la ŋu. Eye míava kpɔe be mí katã—míeɖanye ame siwo ƒo dzi le le dzɔdzɔmenu alo nye ame siwo vɔ̃na o—míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe dzinɔameƒoa.