NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 3-5
Nu Gbegblẽ Siwo Do Tso Alakpadada Gbãtɔ Me
Tso esime Satana ble Xawa la, egayi edzi le amewo blem va ɖo egbea. (Nyɖ 12:9) Aleke alakpanya siwo gbɔna siwo Satana dona ɖe ŋgɔ la te amewo ɖa tso Yehowa gbɔe?
Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖeke meli o
Mawu nye Mawuɖekaetɔ̃ si gɔme womate ŋu ase o
Ŋkɔ mele Mawu si o
Mawu wɔa fu amewo tegbee le dzomavɔ me
Nu sia nu si dzɔna la tso Mawu gbɔ
Mawu metsɔ ɖeke le eme na amegbetɔwo o
Aleke alakpanya siawo siwo wogblɔna tso Mawu ŋu nana nèsena le ɖokuiwò me?
Aleke nàte ŋu akpe asi ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ŋu?